Galatiatɔwo 3

1 Mi Galatiatɔwo numanyalawo! Meka ƒe ŋuku vɔ woetrɔ miɖa le mia ŋuti? Ɖe me nye Yesu Kristo si woklaa le miaƒe ŋukume la ye mie tsɔ fia mi o a ? 2 Ɖe ko medzi be mase esia gɔme tso mia gbɔ.Ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe si miexɔ la va tso dɔwɔwɔ ɖe me lo o, ke boŋ nusi mie se dzi xɔse me yia? 3 Ɖe miezu numanyala akpa? Ɖe mie dze egɔme le gbɔgɔ la me fifia le eŋu wɔm le nutsilaa mea? 4 Ɖe miekpe fu sɔgbɔ ale gbegbe , vɔ menye naɖeke tawo eye esia menye naɖekewoa? 5 Kema , ɖe eya si tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nami kple nukunu gaa dɔwɔwɔwola wɔ nusiawo le mia dome le see la ƒe dɔwɔwɔŋu lo o alo le nya la dzi xɔse me ye ma haa? 6 Abe alesi Abraham "xɔ Mawu dzi se eye wobui nɛ dzɔdzɔe nye nye." 7 Mi se egɔme azɔ be amesiwo xɔse la trɔ zu Abraham ƒe viwo. 8 Ŋlɔŋlɔla ŋlɔɖi be Mawu ava tso afia na amesiwo me nye Yudatɔwola to xɔse me. Ke woɖe gbefa nyanyui la na Abraham dom gɔ be "le wome anyigba dzi dukɔwo yayra le". 9 Esia ta amesiame si xɔse la akpɔ yayra kpe ɖe Abraham si nye xɔse tɔ la nu. 10 ke amesiame si leɖe se la nu to woƒe dɔwɔwɔ me la , le fiƒode te , elabe oŋlibe ,amesiame i mekpɔa nu si le se gbalɛ he wɔo dzi pɛpɛ woɛla leɖfiƒode te. 11 "Azɔ wo ŋlɔɖi be Mawu matso afia na ameaɖeke to se la me o elabena ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me." 12 Ke se la metso xɔse me va o, elabena ame si wɔ nu le se la nu la wonɔ agbe le sewo te. 13 Kristo ɖemi tso ese ƒe fiƒodeme esi me wova zu fiƒode ɖe mia ta , elabena woklae ɖe atsiŋuti. 14 Eƒe taɖodzinu yenye be yayra si nɔ Abraham dzi na va mia amesiwo menye Yudatɔwo la dzi le Kristo Yesu me, bena mia xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nugbedodo to xɔse me. 15 Nɔviwo , mele nu ƒom abe amegbetɔ ene. Abe alesi woŋlɔ me gbenya ɖi eye ameaɖeke metsɔa ɖeke kpii alo ɖea ɖeke le eme o. 16 Ke fifia nugbedodo va na Abraham kple ye ƒe dzidzime. Me gblɔ be eƒe dzidzimewo, si ƒoƒu ame geɖe o ke boŋ dzidzime ɖeka ko ye woyɔ si nye Kristo. 17 Azɔ mele egblɔm be nublabla si dzi woɖokpe hafi Mawu tsɔna , ma te ŋu va trɔe le se si va va le ƒe alɔfanɛ blatɔ megbe o. 18 Elabe ne ɖeye domenyinyi va to sea dzi la wɔwɔ me la maga va azɔ to nugbedodo me o, vɔ Mawu tsɔ domenyinu na Abraham le esi me woxe ɖe enu hedo ŋugbenɛ 19 Ke nukata se la li ma ha? Eli elabe vodadawo va kpii vaseɖe esime nugbedodo va to aʋulela ƒe asi dzi. 20 Fifia la enye aʋulela na amewo kata , menye na ameɖeka o, vɔ Mawu ya ɖeka koye li. 21 Ke ɖe se la tsitre ɖe Mawu ƒe nugbedodowo ŋutia? Gbeɖe kura o! Ne ɖe se si wo tsɔ na teŋu na agbe la ekema dzɔdzɔe nyenye ha ava to se ma ke dzi. 22 Vɔ gake la ŋlɔŋlɔ la le nusianu ɖe nuvɔ ta ,bena Mawu ƒe ŋugbedodo na ɖemi to xɔse me le Yesu Kristo si wo tsɔ na amesiwo xɔedziese. 23 Ke tsa la afi xɔse si le Kristo me na va la mienɔ gaxɔme se la xaxami vaseɖe esime xɔse ƒe ɖeɖefia la va. 24 Ke se la va zu ɖevime nu si kplɔ mi vaseɖe Kristo ƒe yeyiyime , bena woa tso afia na mi to xɔse me. 25 Fifia esi xɔse va la , mi mega le ɖevimenuwo ƒe kplɔkplɔte o. 26 Ke mia wo kata mie zu Mawu viwo le Kristo Yesu dzi. 27 Mi amesiwo kata wo myrɔ ɖe Kristo me mie do Kristo. 28 Ke Yudatɔ, alo Helatɔ, alo kluvi, ablɔɖevi, nutsu kple nyɔnu me gali o,elabena mia kata miezu ɖeka le Kristo Yesu me. 29 Ne mienye Kristotɔla , ke mienye Abraham ƒe dzidzime domenyilawo le ŋugbe dodo la nu.