Galatiatɔwo 4

1 Mele eglɔm be , zi alesi dome nyila ganye ɖevila , meto vo tso kluvi gbɔ o. Togbɔ be nuwo kata nye etɔ ha 2 ke boŋ ele ame dzikpɔlawo kple aƒe dzikpɔlawo ƒe kplɔkplɔte vaseɖe ɣeyiɣi si fofoa ɖoɖi nɛ 3 Nenema ke esi , mienye viwo tsa la, mienɔ ya me ŋusɛ woƒe atse kpakpate. 4 Gake esi eɣiɣi nyui tɔ va ɖo la , Mawu dɔ via , si wodzi to nyɔnu me le sea te la, 5 bena woaɖe amesiwo le sea te la,exɔwo, eye wotrɔ wo,eye wokɔ vinyenye nawo. 6 Elabena , esi mienye viwola , Mawu dɔ via ƒe gbɔgbɔ ɖoɖa miaƒe dziwome , esi doa ɣli be "Tɔnye lɔlɔtɔ." 7 Le ema ta wo meganye kluvi o , ke boŋ vi, eye ne enye vi la , ke enye domenyila ha to Mawu dzi. 8 Gake tsa la, esi menya Mawu o la ,mienye kluviwo na nusiwo le dzɔdzɔ me nu la ,womenye Mawu o. 9 Fifia , esi mienya Mawu alo boŋ, esi Mawu nya mi fifia la , nu kata ye mie gatrɔ yina ɖe nusiwo nu , nusɛ mele o la gbɔ? Ɖe miedzi be yewoa ga trɔ zu kluvi kea? 10 Milea ŋku ɖe ŋkeke wo, dzinu wo, alo dzinu yeye wo, azagbewo,kple ƒe wo ŋu nyui. 11 Mele vɔvɔ ɖe mianu sɔgbɔ, mele vɔvɔ be ɖewo mahi, medze agbagba ɖe miata dzodzo. 12 Meɖe kuku na mi , nɔvinyewo be miatrɔ zu abe nye ene, elabena nye ha mele abe miawo ene. Miewɔ vɔ ɖeke ɖe nutinye o, 13 gake miawo nutɔwo mienya be ŋutila ƒe gbɔdzɔ gbɔdzɔwo ta ye megblɔ nyanyuia na mi zi gbatɔ ɖo. 14 Nusi nye tetekpɔ le nye ŋutila me na mi la , miedo vloe, alo ɖigbɔe o.Ke boŋ miexɔm , abe Mawu dɔla alo Yesu Kristo ene. 15 Azɔ afika miaƒe dzidzɔ kpɔkpɔ le fifia ? elabe mateŋ aɖi ɖase be , ne ɖe woanya wo le ɣeɣiɣi ma me la , anye ne miaɖe mia nutɔwo ƒe ŋkunuwo gɔ ha le eme atsɔ nam. 16 Ke fifia la, me va zu miaƒe futɔ, elabe megblɔ nyateƒe la na mia? 17 Wole mia dzim kple dzodzo nyanya , ke menye nane ke ta ye o. Ɖeko wodzi be yewo ama miɖa tso gbɔnye, alebe miatrɔ ɖe yewo ŋuti adze yewo yome. 18 Enyɔ be miɖo dzidzi nyui na gɔmesese ɣesiaɣi , eye menye ne mele miaƒe ŋkume o. 19 Vinyewo , mele fum kpeŋ hele veve seŋ ɖe miata , vaseɖe esime Kristo ƒe lɔlɔnu nɔnɔ ƒe tata nade blibo le mia me. 20 Adzɔdzi be nam madze ta le miado me be matrɔ nye gbeɖiɖi , elabena awɔ moya nam kuɖo mianu 21 Migblɔe nam , ɖe miedzi be yewɔa se ts , ɖe miese nusi se la gblɔ? 22 Elabena woŋlɔe ɖi be vi eve le Abraham si, ɖeka nye kluvi nyɔnu la tɔ, eye ɖeka nye vovo nyɔnu la tɔ, 23 togbo be, esi kluvi nyɔnu la dzi la, wodzi to nugbedodo me. 24 Woateŋ ɖe esia gɔme ha le nɔnɔme bubu me be nyɔnu eve siawo le abe nublabla eve ene , ameɖeka tso Sinai to dzi , amesi dzi le xaxa me la enye Hagar. 25 Elabena Hagar enye Sinai to la le Arabia , si nye dzesi na egbe ƒe Yerusalem du. Enye nyɔnu la kple viawo le xaxa me. 26 Ke Yerusalem du si tso dziƒo la, vovodue eya nye mia nɔ. 27 Elabe woŋlɔe ɖi be "dzi ne dzɔ wo nyɔnu konɔ amesi medzi vi o; Gli, eye na do ɣli kple dzidzɔ, wo amesi mekpɔ le mɔkpɔm na vidzidzi; o elabe konɔ ƒe viwo sɔgbɔ wu amesiwo ɖe srɔ." 28 Fifia la nɔvinye wo , abe Isaac, mienye nugbedo viwo. 29 Abe alesi wole tsa la ,amesi wo dzi ƒe ŋutila nu , tsia amesi wo di le gbɔgbɔ la me yome , nenemake wogale egbea. 30 Nukae ŋlɔŋlɔ la gbɔ? "Nya kluvi nyɔnu la kple via dogoe . Elabe kluvi nyɔnu la ƒe viwo manye dome dzidzi kpeɖe vovome nyɔnu ƒe vi la nu o". 31 Esiata nɔviwo, mime nye kluvi nyɔnula ƒe viwo o, vɔ gake vovo nyɔnu la ƒe viwo mienye .