Galatiatɔwo 2

1 Le ƒe wuiene megbe la , megayi ɖe Yerusalem, kple Barnaba eye mekplɔ Tito ha ɖe asi. 2 Meyi ɖe afima elabena Mawu ɖee fiam be meɖolayi. Meɖe gbe fa nyanyui si menɔa kaka na dzimaxɔsetɔwo la nawo eye me ƒonu na amesiwo nye ameŋukuta la le kpɔvi, mewɔ nusia bena nusrɔsrɔ si wɔm mele tso ɣeaɖeɣi ke la nagazu dzodzro. 3 Eye Tito si li kplim la , si nye Helatɔ la ameaɖeke mezi edzi ha bena woatso aʋa o 4 togbɔ be wodɔ nɔvi alakpatɔ aɖewo to vivitime mɔwo dzi he le vovo si Kristo Yesu na mila gbleŋu , eye wo dzi bena woawɔ mi, miazu kluvio nɛ sewo. 5 Mie me bɔbɔ nawo kaka tsɔ na fifi o elabena miedi bena nyateƒe blibo si le nyanyuie la me la , anɔ anyi dedie le mia dome. 6 Le nyateƒe me la amesiwo gblɔ na be wonye ame ŋukutawo la me wɔna na ɖeke nam o. Eye meka nusianu siwo wɔna nye me tsɔa ɖeke le eme o. Mawu me lɔa ameŋukume nuwɔwɔ o. 7 Ke boŋ la , esi wokpɔ bena wodom be maɖe gbefa nyanyui la na aʋamatsomtso tɔwo abe alesi Petro ɖe gbefa nyanyuimla na aʋatsotsotɔwo ene, 8 ke Mawu si wɔ dɔ na Petro le aʋatsotso apostolonyenye me la ,eya ke wɔ dɔ na nye ha le trɔsubɔlawo dome 9 Eye esi wokpɔ amenuveve si wotsɔnam la, tete Yakobo, Kefas, kple Yohanes si wobuna be ame ŋkuta la kpena ɖe Barnaba nu eye nyea kple amesiwo kplɔ ŋudo , miawo miayi ɖe trɔsubɔlawo gbɔ ke wɔawo woyi aʋatsotsotɔ wogbɔ. 10 Eye wodzina tso miagbɔ be mia ɖo ŋuku ame dahewo dzi eye edziedzi la medoa vevie wɔnae. 11 Ke esi Kefas va Antiɔxia la , metsi tre ɖe eŋuti le ŋkume kple ŋkume , elabena woateŋu atso afia nɛ. 12 Hafi ameaɖewo atso Yakobo gbɔ va la, Kefas nɔa nuɖum kple trɔ subɔlawo , ke esi amewo va la etɔte nuɖuɖua eye woɖe eɖokui ɖa le trɔsubɔlawo me elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsome la. 13 Eye Yudatɔ kpɔteawo ha kpeɖe Kefas nu le ayemenuwɔwɔ sia me ale gbegbe bena wohe Barnaba ha ɖe woƒe ayemenuwɔwɔ la me. 14 Ke esi mekpɔ be wome kplɔ nyateƒe si le nyanyui la meɖowo la megblɔ na ne Kefas le ame wo kata ƒe ŋuku me bena , "Ne wo amesi nye Yudatɔ la ,nenɔa agbe abe trɔsubɔla ene la, eye menɔa agbe abe Yudatɔwo ene o la, aleke nawɔ nazi trɔsubɔlawo dzi bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene?" 15 Miawo la Yudatɔwo mienye tso dzidzimeke " 16 eye mienye trɔsubɔla vɔwɔla o". Ke mienyae bena wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔme o. Ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me eyata miawo ha miexɔ Yesu Kristo dzi se ,bena woatso afia na mi to Kristo dzixɔse me , eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔ me o, elabena tso se la ƒe dɔwɔwɔ me la ŋutila ɖeke makpɔ afia tsotso o. 17 Ke ne miedi Mawu bena wotso afia na mi le Kristo me la ,mia ŋutɔ wo ha mie le miaɖokui kpɔ abe nuvɔwɔlawo mienye la ekema Kristo le nuvɔ ƒe dɔtsɔvi nyemaa?Gbeɖe! 18 Elabena ne magatu sewo ƒe ɖɔɖɔɖo siwo me gbe nu le la, ekema me fia ɖokuinye sedzidala. 19 Ke eye to se la dzi la me ku kple se la, bena meɖo la nɔ agbe na Mawu. 20 Woklaa nye kple Yesu. Meganye nye le agbe o ke Kristo ye le agbe le nye me. Eye agbe si mele fifi la le ŋutilaa me la, mele agbe kple xɔse le Mawu ƒe vi la me, si lɔm eye wo tsɔ eɖokui na le tanye. 21 Nye me gbe Mawu ƒe amenuveve o ke nɛ dzɔdzɔ nyenye le se la me la ekema Kristo me ku dzodzro o