Eta 1

1 Pɔlu Mawusubɔla ku Yesu Christo be apɔstolo ne Mawu be amecac̃awo be xɔsea tutu ku Mawu be nyateƒea nyanyã be ɖoɖo anyi le Mawu vɔvɔ ̃me. 2 Nuyiwo nɔ anyi le agbe mavɔ yike be ŋugbe Mawu yi me meƒonagbeo do tso kaka blemame ke. 3 Ameyi ne ɖe yibe nya fiɔ̃ le yi be gaƒoƒome to Mawunya gbɔgblɔ̃ dɔ yi wò de asi nam le Mawu mía ɖela be ɖoɖoa nu me. 4 Na Tito vinye ŋutɔŋutɔ le míabe xɔse me. Amenuveve, ŋublanyuikpɔkpɔ ku ŋutifafa tso mía tɔtɔ Mawu ku mía ɖela Yesu Kristo gbɔ ne wò. 5 Medawo ̀ɖe Creta be na ɖo nu yiwo kpɔtɔ la le ɖoɖonu ku be na ɖo ameciciwo ɖe du ɖekpekpe me le nu fiɔfiɔ nye wo nu. 6 Ameyi ŋuti mokakã ɖekpe mele o ku nyɔnu ɖeka srɔ̃, eviawo la nye nuteƒe wɔlawo,woma nye vi djaglãwo ahasitɔwo o, woma nye vi tomaɖolawo o. 7 Ɖoa elebe kplɔla nenye ameyi mokaka dekpe mele eŋuti o,woanye Mawu be ma binadji kpata kpata o,ma nyi axanumunɔ o, ma wona adã o, ma nyi ega lɔ̃la o. 8 Vɔa eɖo la nyi ameyi xɔna amedjro gaku ameyi ke ne lɔ̃na nunyui wɔwɔ. Eɖo lanyi ameyi ke sena veve ne ame ameyi wona nu djoɔdjɔe ameyi le kɔkɔe ku ameyi ke ɖuna eɖokoe dji. 9 Eɖo la kuɖe enya ŋtɔŋtɔa sigbe ɖeke wo fiɔɛ enea ŋti. Ale be ba tɛm do nusê amewo le nufɔ̃fɔ̃ kɔkɔeanu gaku ba du ameyi tinate ɖe enya ŋtia dji. 10 Tomaɖo gbogboɖe gaku nya ƒoƒlo li, veve tɔa le va tsotsotɔwo dome. Wole amewo blɛm gaku le wo kplɔm yi mɔ gblegblɛ dji. 11 Ehĩa be woa nɔte amemawo. Wole ƒome blibowo be susu cakam. Wole nuke wome ɖo la fiɔ̃ le ŋkpe be viɖe ɲuti. 12 Woa dometɔ ɖeka yike nyi amedjenunya gbɔ̃ be : mia Kreta tɔ woa egbe kpo mi ƒona, lã badawo gaku lã woadãwo, dɔvetɔwo minyi. 13 Ɖaseɖiɖi ma nyawoe yiŋtia gbenya ne wo ne wo nyuiɖe ale be woabe xosea ŋuti ne kɔ. 14 Ŋgba gũ game le yuɖatɔwo be nya kpakpa gaku agbetɔ be sedodo kewo ɖena ame djo le nyateƒea gbɔa ŋutio. 15 Nuwo kpata le djadjɛ ne ameyi le djadjɛ, Vɔa ameƒodiwo gaku djimaxɔsetowo ŋuɖekpe me le djadjɛ ne wo, ɖoaŋtia woa be djitinya,djimesusu gaku woa be gbɔgbɔ̃ ƒoɖi. 16 Wo wona sigbe amekewo djesi Mawu ene vɔa woabe nuwonawo ɖefiɔ̃ be womedjesi o, ŋnyɔ̃ be amewo agladjelawo gaku amekewo matɛm wɔdɔ nyui dekpeo woa wonyu.