Eta 2

1 Na wò la, gblɔ nuyiwo sɔ ku nufiɔfiɔ la. 2 gblɔ be ame tsitsiwo woaɖu wodokui wodji, woale wodokuiwo nyuie, ame ɖɔŋuɖowo ameyiwo de blibo le xɔse, lɔlɔ ku djidodo me 3 Gblɔ be nyɔnu ciciwo be wo ne nɔ anyi sigbe leke be dje ne nyɔnu kɔkɔe woene : woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ ku djidodo me. 4 Bena woa fiɔ nu nyɔnu srɔtɔwo yiwo mecio la be woalɔ wosrɔwo ku woviwo. 5 Woanye ameyiwo aɖu woɖokuiwodji, ameyi wo le djadjɛ, aƒeme do wolawo, domenyotɔwo, ameyiwo bɔbɔ wo ɖokui ne woŋutɔ wo srɔwo. 6 Doŋuse (xlɔnu) ɖekadjɛwo be woaɖu woɖukuiwo dji 7 le nuwo kpata me le nye kpɔɖeŋu le dɔ nyui wɔwɔwome ; fiɔ̀ nuyi le kɔkɔe, nuyi dje. 8 Nyawo gblɔgblɔ ne nɔ blibo womakpɔ nuɖeke le eŋuti, bena ŋu nakpe futɔ la, makpɔ nuɖe agblɔ le mia ŋuti o. 9 Do ŋuse (xlɔnu) dɔtsɔlawo bena woa bɔbɔ ne wobe aƒetɔwo, be woadje wo ŋu le nuwo kpata me woma nye aglà djelawo o. 10 Woma fi nuɖeke o voa woa tsɔ woɖokui afiɔ sigbe nuteƒe wɔla nyuiwo ene bena le nuwo kpata me la woade bubu Mawu be nufiɔfiɔ la le amewo kpata dome. 11 Ɖoa woɖe Mawu be amenuveve,yinye ɖeɖekpɔkpɔ be djɔtsɔƒe ne amewo kpata la fiɔ̀. 12 Ele mia fiɔm bena mia gbenu le makɔmakɔ nyenye ku xexeame be nu djrodjrowo gbɔ eye woanɔagbe le xexeame fifia le nunya, djɔdjɔ nyenye ku djadjɛ nyenye me. 13 Anɔte kpɔ mɔkpɔkpɔ nyui ku Mawu gà be ŋti kɔkɔe ɖeɖefiɔ gaku miabe dela Yesu Kristo. 14 Yike netsɔ eɖokui naɖe miata bena wɔaƒle mi tsɔ nuvɔ̃ ɖesiaɖe me eye wɔatsɔ mi awɔ dukɔ yi ne nye yemtɔ tɔ yi ŋti kɔ nɛ eye wo le djo na dɔ nyuiwo. 15 Gblɔ nya yanawo, xlɔ̀nu, eye gbenya ku atsɛ kpakpa blibo. Ameɖeke ŋgba doʋlowó o.