Eta 4

1 Djrewɔwɔwo gaku nyadɔdɔ̃ yiwo le mìa domea fika wo co? Me nudjroame yiwo le aʋa wɔŋ le mìa be ŋcinuwo mea gbɔ wo coa? 2 Nu djrona mì eye mì me kpɔnɛ o; amewutɔwo gaku ŋbiãtɔwo mì nyi, eye mì matɛŋ hɔ nu o ; djrewɔwɔ gaku nyadɔdɔ̃ le mì dome, mì matɛŋ hɔ nuɖekpe o, ɖoa mì me le nu biɔ mɔ. 3 Mì le nu biɔŋ eye mì me le ehɔmo, ɖoa mì le ebiɔŋ le mɔ vɔ̃ dji, be ne mìa se kpɔ mìabe nudjroamewo gbɔ. 4 Ahasitɔ minyi! Mime nya be xixeme me lɔlɔ nyi fulele ku Mawu o? Ameyi djila nyi xixeme me xɔlɔ elanyi Mawu me ketɔ. 5 Ɖeye mi cɔe be ŋlɔŋlɔa le gblɔ nya djrɔdjrɔ eyi ke be gblɔ be : «gblɔgblɔ yi be cɔ do miamea ʋananua? ». 6 Vɔa Maeu nana amenuveve xɔasi, eye ŋti ŋlɔ̃ŋlɔ̃a be: «Mawu tri dadalawo, vɔa ewɔna dɔmenyɔ a ameyiwo bɔbɔ woɖɔkui o». 7 Mi bɔbɔ miaɖokui o na Mawu eye mi ɖu miaɖokui o dji le satana me ŋkume eye la teɖa djo miagbɔ. 8 Mi tegogo Mawu eye ela tegogo mi. Mi klɔ mia be alɔwo, nuvɔ̃wolawo, eye mi klɔ miabe diwo, ayemenuwɔlawo. 9 Minɔ veve seseme, mifakonyi,eye mk favi! Miabe nukokowo ne trɔzu avifafa nemi eye miabe djidjɔ nezu nublanui. 10 Mi bɔbɔ miadokuiwo le Aƒetɔ me ŋkume eye la domi ɖa dji. 11 Nɔviwo, miga nɔ gblɔ nya le mia nɔnɔ wo ŋtio. Ameyi le gnlɔ nya le nɔvia ŋti alo le drɔ vɔnu nɔvia, le gblɔ nya le sea ŋti alo ele drɔ̃ ʋɔnu se. Xle le drɔ̃ ʋɔnu sea, wo me nyi sea dji wɔla o, vɔa ʋɔnu drɔ̃la. 12 Ameɖe kae nyi sewɔla ku vɔnudrɔ̃la. Yiɖeka dje be ne xɔna ame alo ne gbãnu. Ameka le nyio ewo ke le drɔ ʋɔnu nɔvi o? . 13 Miɖoto, mia meyio gblɔna be : «Egbia alo ecɔ midja yi duɖe me, mia wɔ ƒe ɖeka, mia do adjɔ mia kpɔ ale». 14 Amekɛ nya nuyi ladjɔ etɔ o? eye nuyi agbewo latrɔzu etɔ o? Ɖɔa ŋtia mile sigbe ti djidjɔ nene yi li le gaƒoƒo viɖe me eye la bu zãɖe. 15 Mido la gblɔ bom be: «Ne Aƒetɔa djrɔa, mianɔ agbe eye mia wɔ eya ku eya. » 16 Vɔa azõa, mi yinago le mia be doda nuɖoɖowo dji. Dada nuɖoɖowo leka menyɔ. 17 Ke, ameyi nya nunyui wɔwɔ eye mele wɔe oa ele wɔ nuwɔ.