Eta 4

1 Le nùwùwùà nɔ̌vǐwó, eyi mi kpla leyi mia zɔ̃ adje Mawu nua le mia gbɔ eye be nyi nenemà ye mi le zɔzɔma mi le ŋusẽɖoŋ mi le Aƒetɔ yesu me be mi nɔ edji nenema ne ba dji ɖe edji wu. 2 ɖoa mi nya nufiɔfiɔ yiwo mi na mi co mǐa ƒetɔ gba. 3 Nuyi djiŋ Mawu lea ye nyi miabe kɔkɔɛnyi nyi (ɖeɖeɖevo), be ahasiwɔ̌wɔ̌ me gba nɔ mǐa mo'. 4 Mia dometɔ ɖeka ɖeka ne nya le yi ba ɖe yibe ŋùtǐlă ɖevo ne Mawu le bubu me. 5 Nudjodjro manɔeme sigbe le yike djimaxɔsetɔ yiwo me djesi Mawu wa wɔnɛ eneo. 6 Eye ameɖekpe megba tafu (flu) nɔvia alo wɔ nu baɖa ku nɔvia le nya ya mo. ɖoa Aƒetɔa biɔna hlɔ le nùmɔ̌ ŋùtǐ sigbe leyi mi gblɔɛ ne mi ene. 7 ɖoa Mawu me yɔ̌ mǐ ne makɔmakɔnyinyio vɔa ne kɔkɔɛnyinyi boŋ . 8 Numa ŋùti ameyi ne le nufiɔfiɔ yɔ̌ɔ̌ (yawo) gbema me le amegbetɔwo gbemɔ̌ vɔa ele Mawu yi na mi yibe gbɔgbɔ kɔkɔɛ gbeŋ (gbem). 9 Mi me gba hiă be ameɖe la gba ŋlɔ nu ne mi có havǐ lɔ̌lɔ̌ ŋùtio ɖoa Mawu ŋùtɔ̌ fiɔ̌ mi be lɔ̌ mia nɔnɔɛwo. 10 Numa ye mi le wɔwɔŋ ne nɔviyiwo kpàtà le Makeɖonia duame vɔa nɔviwo mi le ŋùsẽɖoŋ mi be mia gba wɔɛ wu. 11 Mi gba le ŋùse ɖoŋ mi be mia nɔ ŋùtǐ faf̌ame mi kpɔ miabe ɖɔwogbɔ, mi cɔ mia ŋùtɔ miabe asiwo wɔ ɖɔ si leyi mi gblɔɛ ne mi ene. 12 Mi wɔɛ ale be mia zɔ̃ kù bùbù ɖuɖa ameyiwo me le xɔsea mó wa gbɔ̌ eye be ne nuɖekpe megba hia mio. 13 Nɔviwo, mǐ me dji be mia càkà le ameyiwo le alɔ ɖɔma ŋùti ale be miŋgba nɔ nu xaŋ si ameyiwo me ɖo kakaɖedjio ene. 14 ɖoa ne mǐ xɔɛse be Yesu ku eye be trɔ fɔ co amekukuwo ɖomea nenema ke ameyiwo kpata ɖɔ alɔ̌ le emea, Mawu le wo ku Yesu kplɔ gbe agbɔ. 15 ɖoa mi le gbɔgblɔŋ ne mi be mi ameyiwo le agbe le tenɔŋ kpɔ Aƒetɔa be tɔtrɔva, mi me le djodjogbe dje ŋùkɔ ne ameyiwo ne kuo. 16 ɖoa Aƒetɔa ŋùtɔ le vavagbe co djiƒo. Ele vavagbe ku Mawu ɖɔlawo be gbe, ku Mawu be kpɛ eye ameyiwo ku le Kristo mea wo le fɔfɔgbe tùtùgbă. 17 Eyomea mia ameyiwo kpɔtɔ le agbea wo le mǐ ku wo kɔkɔgbe le du ayi lilikpowo dji ayi dogo Aƒetɔa layame eye mǐa nɔ egbɔ ɖoa. 18 Mi cɔ nya yawo fa dji ne mia nɔnɔɛwo.