Eta 3

1 Esime, mi ma tem todji la, mi ɖe susu be la nyuo be mia nɔ Athena. 2 Mi dɔ Timoteo, ke nyi mia fofu ku mia ƒe ha dɔwɔla ne Mawu le Kristo ƒe nya nyui la me be ne na ne mia like eye gba do ŋusẽ mia ƒe xɔse. 3 Mi wɔ nuya be ameɖeke mega caka le eƒe fukpekpe newo. Elabena mioŋtɔ mi nya be nu ma yɔte kpɔ mi. 4 Nya teƒe, gakeme mile mia gblɔ, mi gblɔ na mi do ŋkɔ be midja to veve ƒe fu kpekpewo me . Eye evame sigbe kele mi nyɛ ɖo. 5 Nu ma ŋti, ke nye ma gata dodji ke nye me le se mia ŋkɔ ame dɔ ame doɖa be ma nya leke mile cɔse me ɖe asi ɖo. Ela te nyi futɔ la va te mikpɔ le nɔnɔme ɖe me eye mia ƒe doazu drɔdrɔ. 6 Vɔa Timoteo, gakeme be co mia gbɔ, egblɔ nya nyui co mia be xɔse ku mia be lɔlɔ ŋti na mi. 7 Egblɔ na mi be mia nya nyui ti tame na mi, eye mi gale dji la trɔ kpɔ mi sigbe leke miwo cã mi le dji la kpɔ mi nene. 8 Elabena fifia, mi le gbe, mi like le aƒetɔ la me. 9 Elabena, leke mia te ma de akpe na Mawu ɖo djidjɔ ke mi le do na mile eƒe ŋkume? 10 Zã ku keli, mi le dogbeɖa na Mawu ku mia ƒe ŋusẽ kata be na mia kpɔ mia be ŋkume be nuke kpɔtɔ ne mia ƒe xɔsea mia ɖɔɛɖo. 11 Mawu, mia Tɔ ŋtɔ, ku mia ƒetɔ Yesu no na mia ʋa mia gbɔ. 12 Aƒetɔ nena be mia ti eye mia gbãgo le lɔlɔ me le mia nonɔɛwo dome eye le ame siame gbɔ, sigbe leke miocã mi wɔnɛ na mi nene. 13 Ke wɔa wɛ be mia be djiwo na like le kɔekɔe nyenye me le mia Tɔ Mawu ƒe ŋkume, le mia ƒetɔ Yesu be trɔtrɔva ku eƒe amekɔkɔewo katã.