Eta 11

1 Eyi be gogo Yerusalem le Bethphage gaku Bethania le olivia be toa gbɔ, Yesu dɔ yi be nusrɔvi eve. 2 Ye be gblɔ nawo be mi yi kɔƒe yi le ŋkɔ nemi, mia kpɔ tedjivi ɖe yike amea ɖeke me lia edji kpɔ o le ekame, mì ɖekɛ eye mia kpɔe vanam. 3 Ne amea ɖe bio mia mi tonɛ be aƒetɔ ye hiɛ ye emegbea eɖasiwo eye wo cɔe va nɛ . 4 Wo yi eye wo kpɔ tedji via le kame ʋɔaɖe gbɔ le emɔa be ahadji, eye wo ɖegɛ. 5 Ameaɖewo yi wo le afima biɔwo be nuka ŋti mile kaɖem ne tedji via ɖo? 6 Wo ɖo enu nawo abe aleyi Yesu gblɔe nawo ene eye wo ɖe mɔ newo eye wo kplɔ tedji via vanɛ. 7 Nu srɔvi evea wo kplɔ tedji via vane Yesu eye woɖe wobe awu ʋlaya ɖole edji bena anɔ edji. 8 Ame gbogbo ɖewo ɖo wabe avɔ le emɔa dji amea ɖe wo ɖo abaya yike wo co le agble mea ɖo emɔa dji. 9 Ameyiwo nele ŋgɔ gaku emegbea le wlui dom be "HOSANA" wo yra ameyike ne gbɔnɔ le Aƒetɔa me. 10 Wɔa yra mia tɔtɔ David be fiɔ ɖuƒea be vava! "HOSANA" na djiƒo ʋii. 11 Yesu yiɖe Yerusalem eye be yi gbedo xɔame la ele ŋku le nuwo keke ŋti zã le dodom eye woyina betania ku yibe nusrɔviwo. 12 Le ŋkeke tɔ gbea etrɔ gbɔ co Bethania eye ɖɔ wui. 13 Ekpɔ gbotia ɖe le adjɔge yi dji amagba le eyi wo gogoea, amagba ɖeɖe kpo wokpɔ elabe me nyi cɛcɛ be game ye mao. 14 Egblɔ nɛ be: ameɖekpe megba le woku cɛcɛ ɖuge gbeɖeo, eye nusrɔviwo wose. 15 Eyi Jerusalem eye woge ɖe gbedo xɔa me enyã nusa la wo gaku nuƒle lawo le gbedoxɔame emu ega gbãla ku ahɔ̃nɛ salawo be kplɔ̃a. 16 Me ɖe mɔ̃ ne ameaɖekpe be wɔa cɔ nusasa yi gbedo xɔa meo. 17 Efiɔ̃ wo enu gblɔ̃ be:"wo me ŋlɔɛ ɖi be nye aƒea nyi dukɔ̃ be gbedoɖaƒe woa? Vɔa mi cɔe cɔ wɔ adjoglasu be nɔ̃ƒe. 18 Esi nunɔ la wo be amegã ku nuŋlɔ la wo nya be gblɔ̃a wo dji be yiwo wɔa wui. Vɔa wo le dukɔ̃a vɔ̃m ɖoa yibe nufiɔfiɔ wonado ɖe dukɔa dji ale gbegbe . 19 Wetrɔ mea edjo le edu gã la me 20 ke woto afima va le yiyi le ŋdi kagnɛ mea wo kpɔ gbotia beku yiɖe ekea gbɔ, 21 Petro ɖo ŋkui yi be gblɔ be: Aƒetɔ kpɔɖa egboti yike ne ƒofidoa eku. 22 Yesu yi edji gblɔ̃ nawo be:mi xɔ Mawu dji se. 23 Le nyã teƒe mea mele egblɔ nemi ne ame aɖe gblɔ ne eto ya be ne ho yi ɖa dje acaƒu me eye mi me keɖi le mia be djime woa vea be xɔe se be nuyi yigbɔ̃a le va mea eya ye Mawu le wɔwɔ gbe. 24 Nene ma ke mele egblɔ̃ ne mi be nusianu yi mia biɔ le gbedodoɖa mea, mi xɔese be mixɔ eye la va eme nã mi, 25 Ne nɔte le gbe doŋ ɖoɖa, mi ɖola cɔ nusianu yi le miku ame aɖe mea sɔke ale be mia tɔtɔ yi le djiƒoa ba cɔ miabe nuvɔ̃ wo kemi. 26 Voa ne mi me cɔ eke o wa mia tɔtɔ yi le djiƒo cã mele miabe nuvɔ wo co ge ake mio. 27 Etrɔ gbɔ va Jerusalem. Eyi Yesu le caɖiŋ le gbedoxɔa mea nunɔlawo be amegã, nuŋlɔ lawo ku ame ciacia wo va yi egbɔ. 28 Wole ebiɔŋ be:gblɔe ne mi nusɛ ka le cɔ le nuyawo wɔm, ameka ye nawo nuse yike ne cɔ le nuya wo wɔm. 29 Yesu ɖo ŋti nawo be:"mele nyã ɖe biɔ ge mi mi ɖo enu eye mele afiyi me kpɔ nusɛ yike me cɔ le nuya wo wɔmã ne mi. 30 Jã be ame nyrɔnuyrɔ̃a cɔ djiƒo le alo ame gbetɔwo gbɔa? Mi ɖo eŋti nam. 31 Wole gblɔgblɔ̃ le wo nɔnɔewo dome be ne yewo ɖo eŋti be ecɔ djifoa, elagblɔ be nuka ŋti wo me xɔ edji se woa? 32 Vɔa ne yewo gblɔ be ecɔ ame gbetɔ wo gbɔa wole vɔ̃vɔ̃ ne ameha, ɖoa wo kpɔnɛ be enyi nyagblɔ ɖila. 33 Eye wo ɖo enu ne Yesu be mi nyaɛ o, Yesu cã ɖo eŋti nawo be cã ye mele nusɛ yike yi cɔ le nuyawo wɔmã gblɔ ge nawo o.