Eta 1

1 Eya ye nye nyanyui ya wo gbɔ le Yesu Kristo Mawu me via ŋti. 2 Yesaya nyagblɔɖila tɔ asi nyaya gakeme bele ŋlɔ̃nu co ŋti mise: Medo nye amedɔdɔ doda yi adze ŋkɔ nɔ̃, Adrea dukoa na wo hɔhɔ. 3 Eyɔ amesiame yi ne se yime bene draɖo na time vava. 4 Amedɔdɔ yi ŋti Yesaya lenu ŋɔm coa enye Jã.Amewo yɔne be cidetanametɔ. Jãnɔ̃ gbedadaƒo eye le tidɛ ta ne dukɔa le gblɔgblɔm nawo bena" mitrɔ le miabe nuvɔwogbɔ, migbenule wogbɔ ne Mawu necɔe kemi. Ame sɔgbɔwo co Yudea nyigbadji, Yerusalem yi ɖe gbeɖaɖaƒo be yiwɔ se Jã be nya. 5 Amegeɖewo woʋu wobe nuvɔ̃wome le dutoƒo, eye Jã do ti ta nawo le Yordan tɔ sisia me. 6 Jã do fu mayu a sonkpotɔ ene alidjiblaka le ibe alidji, eye beduna ʋecuviwo nɔna gbemee nyici. 7 Ele gbeƒã ɖem bena: le madjidjimea ameyi tri akɔ wuma, le vavagbe, nyemenyi neɖeke le yibe ŋkumeo, nye me dje be matu yibe aƒɔkpaka cao. 8 Mecɔti le ta deŋ ne mi, vɔa eyia acɔ gbɔgbɔ kɔkɔɛ ade Mawu ti ta nemi. 9 Eyime Jã le gbeƒãɖema, Yesu co Nazaret le Galilia nutowome va. Eyiɖe afiyi Jã le gbeƒã ɖeŋ le eye wo deti tane le Yordan-tɔsisia me . 10 Eye jiɖekaa eyime Yesu le dodom le co tia mea, ekpɔ djiƒo nu ʋu, eye Mawu be gbɔgbɔ ɖiɖe dji. Mawu be gbɔgbɔ va abe akpakpa be nɔnɔme nene. 11 Mawu ƒonu co djiƒowo be:" woe nye vinye lɔlɔtɔ yi gbɔ nyemelɔna nuleo, yi hu mekpɔna ŋdjedjele. 12 Eye,Mawu be gbɔgbɔ kplɔ Yesu yiɖe gbedadaƒo. 13 Enɔ teƒema ŋkeke blane, le emayimea Satana te kpɔ. Gbemelã wɔadãwo le teƒema eye Mawu ɖolawo kpɔna eta. 14 Ke eyi wole Jã do gakpɔmea, Yesu yi ɖe Galelia afiyi be le gbefa ɖem Mawu be nya nyuia. 15 Ele gblɔ̃gblɔ̃m bena"eyiyia ɖo vɔ, madjidjimea Mawu la ɖe yiɖokui fiɔ. Mitrɔ le miabe nuvɔwugbɔ migbenu le wogbɔ bena Mawu necɔe kemi. Mihɔ nyanyuia dji se. 16 Gbeɖeka eyime Yesu le Galilea ƒuanu tom yina, ekpɔ ŋtu ameve,Simon ku nɔvia Andrea. Wole ɖɔ dam ɖe fua me. Wo kpɔ viɖe to ɖɔdadame. 17 Eye Yesu gblɔ nawo bena" zialesike mì ɖena akpavia, mikplɔm ɖo eye mawɔmi ameɖelawo". 18 ziɖeka, woɖati le wome ɖɔdadawu eye wokplɔe ɖo. 19 Eye eyi wote yi ŋkɔ viɖea, ekpɔ ŋtu ameve Yakɔbe ku nɔvia Yohanes yi yo nye zebedeo vi. Wole ƒume le wɔabe ɖɔkao djram ɖo. 20 Ziɖeka yi Yesu kpɔwoa, egbɔ be wɔa kplɔ yi ɖo. Eye wo djole wodjilawo ku subɔviwo daɖi eye wokpɔ Yesu ɖo. 21 Yesu ki hibe nusrɔlawo yi ɖe Kapernaum. Le sabatbe ŋkekea di, eyi ƒuƒoƒe be le nufiɔ dukɔ hi wo ƒoƒu le te ƒema. 22 Ewɔ nuku nawo le aleyi wo le nuafiɔm ɖo elabena ele: ele nufiɔm abe ame yi ɖo ŋse menye abe womafiɔlawo neneo. 23 Le ƒuƒoƒe yi Yesu le nufiɔm mea, ŋtua ɖe li eye gbɔgbɔ vɔwoe eme. ŋtu yime gbɔgbɔvɔa lea le ɣli dome bena: 24 He! Yesu, mia gbɔgbɔvɔwo mi meɖɔ nanɛke kuwo. Eva be yacrɔ̃ moa? Menya emeyi nenye. Ne nye kɔkɔeto yi co Mawu gbɔ. 25 Yesu bluɖe gbɔgbɔvɔa ta gblɔ be:ziɖoɖui eye nado le eme! 26 Gbɔgbɔvɔa nyama ŋtua eye be do ɣli sisiɖe eye wodo le eme. 27 Ewɔ nuku ne ameyiwo kpata le teƒema abe ɖo ŋtia:wobio wo nɔenɔewo bena:nuya wɔ moya! Menye ɖeɖeko be yibe nufiɔfiɔawo ɖo nuse ɖeɖeko vɔa ele gbe ɖem na gbɔgbɔ makɔmakɔwo ca eye wòle toɖom. 28 Enumake nya yia ɖi le galilea nutoa kpatame . 29 Eyime wodo go co ƒuƒoƒea, Yesu, Simon ku Andrea, le ɖeka gbaku Yakobu ku Jã woyi ɖe Simon ku Andrea be aƒeme . 30 Simon be lɔ̃xo le anyimlɔƒe elabena ele ɖɔ lem. Ziɖeka, wogbɔe ne Yesu. 31 Yesu yiɖe egbɔ le yibe alɔ eye be kpe ɖe ŋti be wɔ tite. Eye bexɔ dɔyɔyɔ ziɖeka eye wòsubɔ wo. 32 Le fiɛ mea, eyime ɣe ɖo toa, amewo cɔ dɔnɔwo kpata ku ameyiwo me gbɔgbɔwo lea va Yesu gbɔ. 33 Dukɔa kpata ƒoƒuɖe simon be aƒeame. 34 Eye Yesu da gbe le ameyiwo le dɔvovo lema ŋti. Eye wò nya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo do go. Meɖe mɔ ne gbɔgbɔ vɔ̃ wo be woaƒo nu o elabe wonyabe enye kɔkɔe ne Mawu. 35 Le fɔɣlia, Yesu fɔ yiɖe gbedadaƒo be nɔ gbedom ɖa. 36 Simon ku yibe kpeɖehutɔ wo le dim. 37 Eyi wokpɔe,wogblɔne be"Amesiame le wo dim le dɔame. 38 Egblɔ nawo bena:" mína ne miayi du buwome me bena ne magblɔ nya le afima. Eyiawo ŋti meva xixeame ɖo. 39 Eye, woyi ɖe Galelia. Woyiɖe ƒuƒoƒe wo me Yesu ɖegbefa eye wonya gbɔgbɔvɔwo . 40 Gbeɖeka, ŋtuaɖe yi ne nyi kponɔa va Yesu gbɔ. Edje klo yi be le kuku ɖem ne bena "meɖe kuku, yɔdɔm elabena natem ayɔdɔm ne nedia! " 41 Yesu be dɔme trɔ ɖe eŋti. Edo asiɖa be ka eŋti. Eye be gblɔ bena"eyime me dia, xɔ dɔyɔyɔ. 42 Ziɖeka, ŋtua kpɔ dɔyɔyɔ. 43 Yesu bluɖe eta vivie hafi woɖati wo djo. 44 Eye Yesu gbɔ ne bena:"megagbɔ̃ nuya ne ameɖekeo" ke yi na cɔ ɖokuiwo afiɔ Mawu nunɔla, ke wɔ ŋtikɔklɔ vɔsa yi ne mose dese ɖoa bena wɔa nye ɖaseɖiɖi le dukɔame. 45 Ŋtua meyɔɖe nyayiwo Yesu gblɔa dio. Edasi gbeƒã ɖeɖe me aleyi Yesu yɔdɔ nea ŋti. Abe emconuwɔa. Yesu magateŋ ayi edɔame o ku vɔvɔ be dukua na cɔ yi. Eye gbedji ko wōnɔna, vɔa amewo co afisiafi vana egbɔ.