Eta 2

1 Tsã la nyagblɔɖila gbeƒotɔwo nɔ Israel dukɔ la me ; nufiala gbeƒotɔwo le miagbɔ vagbe. Ayetɔe la woacɔ ha (tchɔtchi) baɖawo siwo akplɔ mi ayi gbegble me. Woatri wobe nufiɔtɔ gã yi ƒle wo, woaxe gbegble kpata va woŋtɔ wodji, 2 Ame geɖewo adje woyome le woƒe nu manyɔ̃ manyɔ̃ me, vɔa le wota la nyateƒe be mɔa ƒoɖi. 3 Le galɔ̃lɔ̃ ta, woable mi to wobe gbeƒoƒo nyawo me. Wobe fɔ̃bubu ma didi o, wobe gbegble medɔ akɔlɔ̃ o. 4 Elabena ne Mawu me cɔ ke Mawu dɔla yi wo wɔ nuʋɔ̃ la vɔa etsɔ wo ƒugbe le aʋlu viviti me be woa va ɖo kodjo ne wo 5 Ne Mawu me gbe xexe xoxo la o vɔa eɖe Nowa djɔdjɔe nyenye nyatola ku ame adre bubuwo, le eyi me wòna ci ɖɔɖɔ va nuvɔ̃ xexeame dji. 6 Ebufɔ Sodome ku Gomora be wo trɔ zu djɔmefi tsɔwo na gbegble le nuyi ava djɔ la be kpɔɖenu. 7 Eɖe ame djɔdjɔe Lot ameyi tsaka le ame manyasewo be agbe nɔnɔ vlowo nu. 8 Elabena ame djɔdjɔe ma yile agbe le ame vlowo dome la be loʋɔ tsaka gbesiagbe le nuyi kpɔm wòle ku nuyi sem wòle tsɔ wobe amewuwu dɔwome. 9 Aƒetɔ la nya aleyi woaɖe ame djɔdjɔe tso le dodokpɔ me, kualeyi wòale ame madjɔ be woahe to nɛ le kodjoɖoɖo ŋkeke ladji. 10 Ameyi wo le agbe nɔm le ŋtilã be djrodjro makɔmakɔ wo me le vlodom tatɔ la. Ame mabunuwo, dadalawo ; wo me vɔ̃be woagblɔ busunya le ŋtikɔkɔe ŋuti o. 11 Mawu dɔlawo nye gãtɔ wo wu le ŋutete ku ŋusɛ me cɔ wu amegbetɔwo vɔa wo me cɔ busu fɔbubu va le wo ŋti le Aƒetɔ la ŋkume o 12 Ame yawo le abe lã ma nyãnuwo yiwo dji cɔ djɔdjɔ me le lele ku gbegble ŋti. Wo me nyã ameyi dum wole o. woatrɔwo 13 Wo xɔna woabe nuwuwu manyɔ manyɔ be fetu. Wo nɔna agbe le aglotutuwo me le ŋkekeme. Ɖiƒoƒo ku ŋkpe wonye, wo kpɔna djidjɔ le wobe ame beblewo me vɔa nuɖum ku mi. 14 Wobe ŋkuwo yɔ fũ ku ahasiwɔwɔ, nuvɔ̃wɔwɔ metikɔ nawo o. Woblena luʋɔ yi me tsi le xɔseme o de woabe nuwɔwɔ manyɔ manyɔwo me. Dzi yi ɖɔ ku ŋukekle le wosi . Fiƒodeviwo wonye. 15 Le eyime woɖe asi le mɔdjɔdjɔe ŋti la wotra mɔ̃, wodje Balam, bosuvi ameyi lɔ̃ be yeaxɔ madjɔmadjɔ nyenye fatu. 16 Vɔa wo kã mɔ nɛ le yebe nuvɔ ŋuti : sɔ aketevi yi me le nuƒoƒom o la tsɔ ame be gbe ƒonu. Hetu mɔ na nyagblɔdila le yibe lãnuwɔwɔ la me. 17 Ameyawo nye vudo yi wo me tsí mele o, alilikpɔwo yiwo ya sesèwo ƒona yina gbɔna. Ameyiwo wodzra vivitiwo ɖi nawo, yiɖe mavɔmavɔ me. 18 Wo gblɔ nya dadatɔe, wotsɔ ŋtilã be nudzrodzrowo ku hadjedje vɔ̃wo ble ameyiwo djo fifia le mɔ tralawo gbɔ 19 Wodo ablɔɖe be ŋgbe nawo vɔa wo ŋtɔ zu kluvi na gbegble la boŋ ɖoa ameɖekpe nyina kluvi na nusianu yu ɖu edji 20 Le nyateƒeme amesiame yi si le xexeame be gbegble gbɔ to Aƒetɔ ku dela Yesu Kristo dji vɔ gatrɔ yi gbegble gbɔ la, ye be nɔ̃nɔ̃me evelia nyrãwu gbãtɔ. 21 Anyɔ nawo wu be womanyã djɔdjɔe nyenye be mɔ̃ la o wu be woanyɛ. Emegbe woatrɔ tso sedodo kɔkɔe yi wo do na wo la. 22 Lododo ya nye nyateƒe na wo be : Avu gatrɔ yi yeŋutɔ be nutrutru la gbɔ. Hã yi wole tsina la gatrɔ yi babame.