Eta 1

1 Nye Pɔlu, Silvain ku Timoteo le Thesaliniki ƒe cɔti ke Mawu Tɔ ku Aƒetɔ Yesu Kristo me. Amenuveve ku ŋtifafa ne nɔ ku mi. 2 Mi dana akpe na Mawu gasiagame le mio kata ta, mi ɖona ŋku mia dji le miaƒe gbedodoɖa me. 3 Mi ɖona ŋku miadji edji edji le Mawu, mia Ƒetɔ ƒe ŋkuma, miaƒe xɔsebƒe dɔ, mia ƒe lɔlɔ vãvã, ku ƒe djigbɔ̃dji, ƒe kãkãɖedji ke mi do na cɔ me le mia ƒetɔ Yesu Kristo me, 4 Nɔvi lɔlɔtɔwo le Mawu me, mi nya be Mawu ye cia mi. 5 Elabena mia ƒe nya nyui va miagbɔ, menyi nya gblɔgblɔ me ɖeɖewo, vɔa le xɔse, le gbɔ̃gbɔ̃ kɔkoe, eye ku kaka ɖedjigã nenema ke mie ŋutu ƒomevika mie nye le mia dome le mia ƒe viɖe la. 6 Mi trɔ zu, mia dilawo ku aƒetɔla tɔ wo. Eke mi xɔ Mawu nya le veve sese sugbɔ̃ me ku djidjɔ le cɔ gbɔ̃gbɔ̃ kɔkoe gbɔ, . 7 Nu ke cɔ me mitrɔ zu kpɔdem na ame sia ame ke la Macedonia ku L'achaïe yo ne xɔxe. 8 Elabena cɔ mia gbɔa Mawu be nya la ɖi ŋtɔ, eye me nyi Macedonia alo le L'achaïe ɖe ko. Ke bom le teƒe sia teƒe ke mia ƒe xɔxe kaka ɖo. Elabena, me ga hia be mia gbɔe wo. 9 Elabena wãtɔ gbɔ nya cɔ ŋuti sibe leke mi va mia gbɔ nene. Wo gblɔ aleke mi cɔ mia ɖokui wo na Mawu eye mi dasi kpetatawo eye mile subɔ Mawu gbagbe, Mawu nyateƒe. 10 Wo gblɔ be mi le tɔte kpɔ Mawu be via be vava cɔ kjiƒo, ameke Mawu fɔ co amekukuwo dome. Yesu ye laɖe mi cɔ veve sese ke gbɔnɔ.