Eta 5

1 Amesiame yi xɔ se be yesu nye Kristo la,Mawu me wodjico ( enye Mawu vi ),ame siame yi lɔ tɔtɔ la,lɔ amesi hà wodji co eme . 2 Ne milɔ Mawu, wɔ yibe sededewo djia ekema minya be milɔ Mawu viwo cã. 3 Elabena Mawu be lɔlɔ ye nye be ale ye be sededewo me ɖe asi.Yebe sededewo mesenu o. 4 Elabena nusianu yi wodji co Mawu mea, ɖuna xixiame dji,Nuyi micɔ ɖu xixiame dji la enye miabe xɔse. 5 Amekae ɖu xixiame dji ne menye ameyi xɔ se be Yesu enye Mawu be vi? 6 Yesu ma ye nye ame yi va to ci ku ʋu me .Meva le ci ɖeɖe ko me o ke eva le ci ku ʋu me . 7 Elabena etɔ̃ ɖiɖase co eŋuti: 8 Gbɔgbɔ,ci ku ʋu ke ametɔa wɔ ɖeka. 9 Ne miexɔ amewo be ɖaseɖiɖi dji se la, Mawu be ɖaseɖiɖi nye gã wu.elabena Mawu be ɖaseɖiɖi enye ya : eɖi ɖase le via ŋu. Ameyi xɔ Mawu be vi la djise , xɔ ɖaseɖiɖi ma le ye ŋutɔ me. 10 Ameyi mexɔ mawu dji Mawu dji se o la wɔ eyama gbeƒotɔ elabena mexɔ ɖaseɖiɖi yi Mawu ɖi co via ŋuti o. 11 Ɖaseɖiɖi yi nye be Mawu na mi agbemavɔ eye adgbemavɔ ya le via me. 12 Ameyi ne si evia le a, agbe le esi,ameyi si Mawu be vi la me le o la,agbe mele esi o. 13 Wo ŋlɔ nuyiawo ne mi ne mia nya bena agbe mavɔ le yewosi, mi ameyiwo xɔ Mawu be vi la be ŋkɔ dji se. 14 Kakaɖedji yi le mia si le eme la enye ya bena ne mi biɔ ɖesiaɖe le ye be lɔlɔ nu mea,eɖɔa to mi . 15 Eye ne mi nya be eɖoa to mi le nuyi wo kpata mi biɔe la,mi nyae be ɖesiaɖe yi mixɔ la,va co aleyi mibiɔe la gbɔ. 16 Ne amea ɖe kpɔ enɔvi wòwɔ nuvɔ̃ yi mekpɔ ame yi ku me o la,elebe wòa dogbeɖa eye Mawu anɛ agbe; Nenema ke wòle na ameyiwo wobe nuvɔ̃ mekplɔ wo yi ku me o .Nuvɔ̃ aɖe kplɔame yi ku me, menye eya ŋutie mele miabiam be miado gbeɖa le o. 17 Sedidada ɖesiaɖe la nuvɔ̃ ye. vɔa nuvɔ̃ yi mekplɔ ame yi ku me o 18 Mí nya be amesiame yi wodji co Mawu gbɔ la mega wɔna nuvɔ o; Eye ameyi wodji le Mawu me la, ekpɔ na eta co vɔ̃ɖitɔa gbɔ eye vɔ̃ɖitɔa mateŋu akasi eŋuti o. 19 Mínya be Mawu me ye mico eye xexeame kpata le abosam be ŋuse gɔme . 20 Vɔa míga nyabe Mawu be via va eye wòna mi susu bena míanya nyateƒe tɔa eye mile nyateƒe yi nye Yesu Kristo la me . Eye nyateƒe Mawu la ku agbe mavɔ. 21 Viviwo mikpɔ nyui ɖe le voduwo ŋu.