2

1 Vinye wo,me ŋlɔ yawo ne mi ,alebe migbawɔ nuvɔ̃ ke o.Eye ne ameɖe wɔ nuvɔ̃a nyamecola le miasi le mia tɔtɔ gbɔ,Ɣesu Kristo ame djɔdjɔe gbo. 2 Ye nye ameyi ɖe miabe nuvɔ̃ wo ɖa ,vɔa me nyi miata ɖeɖeko.Xixia me tɔ wo cã. 3 Ne mile ebe esea wo me ɖe asia ,kema mi nye be medje si 4 Ameyi gblɔ na be ye dje sia ,eye me le ebe nya ɖe asi o ,gbeƒotɔe eye mawu tɔtɔ me le eme o. 5 Vɔa ame yi le ye be nya ɖa sia ,lɔlɔ de blibo ne mawua ,le eme ŋutɔŋutɔ,to ema djia mi nya be mi le eme . 6 Ame yi gblɔ na be yi le eme ,ɖo la zɔ̃ abe ɖeke ye ŋutɔ zɔna nene . 7 Lɔlɔtɔwo,me nye se yeye be nyi ɖo mele ne mi o,vɔa ese xoxo be nyi mi xɔ co gomedjedjea me. ese ma ye nyinyayi mi sea . 8 Vɔa se yeye be nyi ŋlɔm me le nemi .nya yi wo le Kristo mea ɖe mia me ,ɖɔa ŋutia vivitiwo tɔ bubu eye kekeli ŋutɔŋutɔa le dodrom vɔ. 9 Ameyi le gblɔ be yi le kekeli me ,ye be leke nɔvia ga kpɔtɔ le vivitime . 10 Ameyi lɔna nɔvia,ele kekelime eye anyi djedje be ŋuɖekpe me le eme o. 11 Ameyi le ne ke enɔvia ,le vivitime ele zɔzɔ le viviti me eye ne nya fiyi be leo,ɖɔa ŋuti gbã ye be ŋukuwo. 12 Me le nu eŋlɔ̃m ne mi viviwo ɖɔa,miabe nuvɔ̃ wo kpɔ cɔcɔke le ye be nyikɔ ŋuti . 13 Me ŋlɔ nu ne mi etɔ wo ,ɖɔa ŋutia, me djesi ame yi li co gɔmedjedjea . me le nuŋlɔm ne mi ɖekadjéwo ɖɔ ŋutia mi ɖu vɔɖitɔa dji . 14 Me le nuŋlɔm ne mi viviwo ɖɔ ŋutia medjesi etɔa . Me ŋlɔnu ne mi etɔwo ɖɔa ŋutia mi djesi ame yi li co gomedjedjea me ,ɖekadjewo ɖɔ ŋutia mi seŋu ,eye Mawu be nya le míame ,eye miɖu futɔa dji. 15 Migba lɔ̃ xixiame ,ku nu yiwo le eme o . Ne ame ɖe lɔ̃ xixea, Mawu be lɔlɔ me le eme o. 16 Ɖɔa ŋutia nu yi wo kpata le xixea,ŋutila be nudrodrowo ,ŋuku be nudrodrowo,agbea be dodo ɖedji me co Mawu gbɔ,vɔa eco xixiae . 17 XiXia me ku yi be nudrodrowo cã dja va yi ,vɔa ame yi wɔ Mawu be lɔlɔnua la na nyi seyi mavɔ mavɔ me 18 Viviwo,gaƒoƒo kpɔtɔe ye nyi ya eye sigbe leke mi nye be Ɣesu Kristo be futɔa gbɔnɔ,fifia futɔ gbogbo wo li .To ema djia,mi nye be mile gaƒoƒo kpɔtɔe me . 19 Mia me wo dro co vɔa wo me nye miatiɔ o. Ɖɔa ŋutia ne miatɔwo wo nyia,wɔa nɔ mia dome ,vɔa evame nenea be bazé be ame siame me nyi mia tɔ o 20 Ne miawɔa mixɔ amisisi co ame yi le kɔkɔea gbɔ,eye miao kpata miɖo sidjedjea. 21 Me ŋlɔ nu ne mi ,me nyi be ɖe je mi me djesi nyateƒea eye ŋutia gbeƒoƒo ɖeke me co nyateƒea me o. 22 Ame kaye nye gbeƒotɔa,eye ne me nyi ameyi ye gbe be Ɣesu ye nye Kristoa? ame ma enye Kristo be futɔ yi gbe nu le etɔ ku via gbɔ. 23 Ameyi gbe via,gbe tɔa cã,ame yi ʋu via mea,ʋu tɔa ca mea. 24 Enu yi mi se co gɔmedjedjea mea ne nɔ miame.Ne nu yi mi se co gɔmedjedjea le mia mea,mianɔ via ku etɔa me . 25 Eye ŋgbe yi be done mia ye nyi agbe mavɔ. 26 Me ŋlɔ nu yawo ne mi le ame yi le mia caka me ŋuti. 27 Ne mia wɔa,amisisi ke mixɔ co egbɔa le miame eye mime hiã be wɔa fiɔ nu mi o,vɔa ye be amisisi fiɔ na mi nuwo kpata, eye be nyi nyateƒe gbeƒoƒo ɖekpe me le eme,minɔ eme abe sigbe le ke be cɔ nufiɔfiɔ cɔ nami nene. 28 Fifia vinyewo minɔ eme alebe gayime ba va miaɖo kakã ɖe dji eye le yi be vava gbea mi ma ca ka o eye mia nɔ azɔge ne o . 29 Ne mi nya be enyi djɔdj̇ɔetɔa mi doe djesi be ameaiame yi le nudjɔdjɔe wɔma,eme wodji co