Filipitɔwo 4

1 Ke nɔvinye lɔlɔtɔ siwo me dina vivie,nye dzidzɔ kple nye fiakuku,le mɔ sia ŋu la minɔ te sesie le aƒetɔ la me,xlɔ lɔlɔtɔwo. 2 Mele kuku ɖem na Ewodia,eye mele kuku ɖem na Sintixe susu ɖeka nenɔ miasi le aƒetɔ la me. 3 Le nyateƒeme la mele kuku ɖem vievie na wo ha,nye kɔkuti ha dɔtsɔla nyateƒe,kpeɖe nyɔnu siawo ŋu,elabe wokpe fu kplim le nyanyui la ƒe kaka me kple Klemens hekpeɖe nye hadɔwɔla susɔɛawo amesiwo ƒe ŋkɔwo le agbe gbalɛa me la ŋu. 4 Mikpɔ dzidzɔ le aƒetɔ la me ɖaa,maga gblɔ be,dzi nedzɔ mi. 5 Ele be amewo kata nanya mia ƒe dzigbɔgbɔ blewu la.aƒetɔ la gogo. 6 miga tsi dzimaɖeɖi le naɖeke ŋuti o ke boŋ le nusianu me la mito gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo me abia Mawu nusianu si mie hia eye miada akpenɛ. 7 Eye mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewokata ta la,nadzɔ miaƒe dziwo kple susuwo ŋuti le kristo yesu me. 8 Mlɔeba la,nɔviwo,nusianu si nye nyateƒe,nusianu si dze bubu,nusianu si le dzɔdzɔe,nusianu si le kɔkɔe,nusianu si dze lɔlɔ,nusianu dze si dze na gbɔgblɔ,ne nudzeamenu aɖe le wo me,eye ne kafukafu aɖe le wo me la,mibu nusiawo ŋuti. 9 Miwɔ nusiawo miesrɔ,nusiwo miexɔ,nusiwo mie se kpakple nusiwo miekpɔ le menye eye ŋutifafa ƒe mawu la anɔ kpli mi. 10 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le aƒetɔ la me elabe fifia la miega wɔ mia ƒe ɖetsɔleme nam nu yeye.togbɔ be tsa la mienɔ nye susum ha la,mɔnukpɔkpɔ menɔ mia si ne mia kpe ɖe ŋunye o. 11 Menye ɖe mele nu ƒom tso nye hiahiawo ŋuti o,elabe mesrɔɛ be nusianu nadze ŋunye le nɔnɔmewo kata me. 12 Menya alesi manɔ agbe le hia ɣeyiɣiwo me,eye mega nya alesi manɔ agbe le nunɔmesime ƒe ɣeyiɣiwoha me.le goɖesiaɖe me la mesrɔ nuɣaɣla sia,alesi ame nanɔ;le nukpɔkpɔ geɖe me kple le dɔwuame me,le gakpɔkpɔ kple le hia me. 13 Mateŋu wɔ nusianu to eya amesi doa ŋusɛm la me. 14 Gake miewɔe nyui be mie kpe ɖe ŋunye le nye fukpekpewo me. 15 Ke mi filipitɔwo mia ŋutɔwo mie nyae bena tso nyanyui gbedeasia gbɔgblɔ ƒe gɔmedzedze me,esi medzo le makedonia la,hame aɖeke me kpeɖe ŋunye le nunana kple nuxɔxɔ me o negbe miawo ko. 16 Ke esime menɔ tesalonika krua gɔ ha la mieɖo nusiwo hiam la ɖem tsɔ kpe ɖe ŋunye wu zi ɖeka. 17 Menye ɖe mele nunana dim o,ke boŋ viɖe si adzi ɖe edzi na mi na miaƒe akɔŋtawɔwɔ la dim mele. 18 Nuwo kata le asinye le agbɔsɔsɔ me meyɔ fuu. mexɔ nunana siwo mieɖo ɖem la tsi.Epafrodito si me .Wonye ʋeʋe lili kple vɔsa dodzidzɔnam si dzea mawu ŋu. 19 Eyata nye mawu la atsɔ nusiwo kata muhia la ana mi le eƒe kesinɔtɔnyenye le ŋutikɔkɔe me le kristo yesu me. 20 Azɔ mia mawu kple mia fofo tɔ nanye ŋutikɔkoe tso mavɔme yiɖe mavɔme.Amen 21 Mido gbe na ame ɖesiaɖe si nye yesutɔ la.nɔvi siwo le gbɔnye la do gbe na mi. 22 Amesiwo kata le kristo me le afisia la do gbe na mi,vevietɔ amesiwo nye kaisaro ƒemetɔwo. 23 Aƒetɔ yesu kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ.