Filipitɔwo 1

1 Paulo kple Timoteo, Yesu Kristoƒe subɔlawo , na amesiwo kata ɖe ɖaga le Yesu Kristo me le Filipi, kple dzikpɔlawo kple amefofowo. 2 Amenuveve na mi kple ŋtifafa si tso Mawu mia fofo kple aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. 3 Meda akpe na nye Mawu ne me doŋku miadzi. 4 Yesiayi me doa gbeɖa ɖe miata, dzidzɔƒe gbedodoɖa wo nye na ɣesiaɣi. 5 Mele akpe dem ɖe miaƒe ɖekawɔwɔ le nyanyuie la me tso ŋkeke gbatɔ va na fifia. 6 Meɖo kakaɖedzi ɖo nusia dzi be, amesi dze dɔnye gɔme lep miadome la awu enu le Yesu Kristo ƒe ŋkeke dzi. 7 Enyɔ nam be mase le ɖokuinyeme alea tso miakata mia nu elabena miawo kata miele nye dzime. Miawo kata mienye nye hadɔwɔ lawo le amenuveve me , ada nye nye gaxɔme nɔnɔ kple kple nye ʋiʋli kple kpeɖoɖo nyanyuie la dzi. 8 Mawu enye nye ɖasefo , alesi miawo kata midrom le Kristo Yesu ƒe lɔlɔ detola me. 9 Me dogbeɖa be miaƒe lɔlɔ nagbago dedzi le nunyame kple nugɔmesese blibo me. 10 Mewɔ nusia be woatsɔ domi kpɔ eye bena miawo tiatia nyuitɔ le dodome be mia nɔ mo xexe kple mokaka manɔ eme le Kristo Yesu ƒe ŋkekeadzi. 11 Nenemake ye meyɔ fuu kple kutsetsewo sinye dzɔdzɔ nyenye si to Yesu Kristo dzi va, hena ŋutikɔkɔe kple kafukafu na Mawu. 12 Fifia medzibe mianya, nɔviwo , nusiawo dzɔ ɖe dzinye na be nyanyuila ɖezɔyi ŋkɔgbe ɖedzi. 13 Esia ŋti nye bablawo le Kristo me le nyanyame na asrafowo kata ƒe habɔbɔ ɖesiaɖe kple ame bubuwo ha. 14 Eye nenemake nɔvi geɖewo le aƒetɔ la me ɖo dziɖeƒo ɖe nye gaxɔme nɔnɔta, wo ɖegbefa Mawu ƒe nya kple kakaɖedzi eye vɔvɔ manɔ eme. 15 Ɖewo ɖegbefa Kristo kple nuʋaʋa kple dzre , eye bubuwa ha ɖegbefa kple dzi nyuie. 16 Bubuwo ha ɖegbefa Kristo kple lɔlɔnu eye wonya be edom be ma ʋli nyanyuie la ta. 17 Vɔ bubuwo ha ɖe gbefa Kristo le woƒe ɖokuitɔ dzidzi kple taɖodzinu maɖotawo ta. Wobuibe yewo le tsɔ kpe fu si kpem mele le gaxɔ me. 18 Eyata ŋka? Eda nye ayeme alo nyateƒeme o, wo ɖegbefa Kristo eye dzidzɔm ɖeta, Ɛ dzidzɔm. 19 Elabena menye be nusiawo ahe nye katutu va to miaƒe gbedodoɖa kple Yesu Kristo fe gbɔgbɔ be kpekpkeɖenu me. 20 Esia nye nye kakaɖedzi , mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi blibo be enumakpem. Vɔ kple dziɖeƒo eɣiɣi nam eye vevietɔ dzɔdzɔe fifia , ma tsɔ ŋutikɔkɔe na kristo le nye ŋutila me,le agbe me alo kume. 21 Elabe agbe nye tɔnye le kristo me,eye ku nye viɖe nam. 22 Vɔ la ne megale agbe la,ke nye dɔwɔwɔwo adziɖedzi,kenye me nya esi matia le vesiawo me o. 23 Elabe nye me nya esi matia le eve siawo me o,eye edzrom be madzo kple kristo,esu,eye enyo nam. 24 Be manɔ agbe ele vevie na miaƒe lɔlɔ. 25 Tso ɣeyiɣi me mekaɖo esia dzi,me nyaɛ be mele tsitsige,ɛ,eye be menyiedzi kple miawo kata,le miaƒe ŋgɔyiyime kple dzidzɔ le xɔseme. 26 Abe ɖoŋtsi ene,wo dom kpɔ le kristo me esime meganɔ kple mi. 27 Agbe nɔnɔ ɖeka si dze,mianɔ le kristo me ƒe nyanyui la me eye ne meva kpɔmi alo nye meva o,ne ɖola alesi mi like sesie le gbɔgbɔ ɖeka me, kple luʋɔ ɖeka mieɖoa nuse ɖe dzu le nyanyui la ƒe xɔse me. 28 Eye mi gavɔ naɖeke tso ame siwo tsitre ɖe mianu o,nusi nye dzesi na wo ƒe tsɔtsrɔ,vɔ na miawo ya ƒe ɖeɖe kpɔkpɔ,ɖeɖekpɔkpɔ si tso Mawu gbɔ. 29 Elabe na miawo la enye nunana tso kristo me,me nye ɖeko mexɔ edzi se o,vɔla miakpe fu tso egbɔ. 30 Nye la tso esime mie kpe fu le nya hehe ɖeka si miekpɔ le me,eye fifia me se be ele me nye.