Marko 6

1 Eye Yesu do tso afima va wode eye eƒe nusrɔlawo dze eyome. 2 Esi sabbat ŋkeke ɖo la,ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la.Ame geɖe siwo se la ƒe nuku wogblɔ be,''afika wokpɔ nufiafia sia tsoe?''Nunya ka enye esia Mawu ne be woteŋu wɔ nukunu sia kple eƒe asi?'' 3 Ɖe menye atikpala si nye maria ƒe vi la kple Yakobo,Yose kpakple Simon nɔvie oa?Ɖe nɔvianyɔnuviwo mele mia dome le afisia oa.?''Ale Yesu ƒe nu ku dzi nawo. 4 Ke Yesu gblɔ nawo be,''wodea bubu nyagblɔɖilanu le afisia negbe le eya ŋutɔ wode kple eƒe ƒometɔwo kpakple eƒe aƒemetɔwo dowo ko. 5 Mete ŋu wɔ nukunudɔa ɖeke le afima o negbe dɔnɔ ʋɛ aɖewo ko dzi woda asi ɖo heda dɔ nawo. 6 Woƒe dzimaxɔse wɔ mo yaa nɛ.Eɖi tsa woƒe kɔƒewo me eye wole nufiam. 7 Eyɔ nusrɔla wuievewo va eɖokui gbɔ,eye wodɔwo do go eveveve;eye wona ŋusewo ɖe gbɔgbɔvɔwo dzl. 8 Eye wode se nawo be wo mega tsɔ nanake ɖe asi le mɔzɔzɔ la me o negbe atizɔti ko.Wo mega tsɔ abolo,nubiakotoku alo ga ɖe asi o. 9 Ke woado afɔkpa eye wo mega do awu eve o. 10 Egblɔ be,''Ne ge ɖe aƒe aɖe mela, minɔ wogbɔ vaseɖe esime miadzo. 11 Ke ne wome xɔ mi le teƒe aɖe o alo ɖo to mi o,eye mi le dzodzo ge le afima la,miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo te kɔ ɖe anyi.ne woanye ɖaseɖiɖi nawo.'' 12 Wodo yi ɖaɖe gbeƒa na amewo be wo ne trɔ le woƒe dziwo me. 13 Wo nya gbɔgbɔvɔ geɖewo le amewo me,wosi ami na dɔnɔ geɖewo eye wo da gbe le wo ŋu 14 Fia Herodes se nusia elabe Yesu ƒe ŋkɔ va dzi.Amea ɖewo gbɔgblɔm,''Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ tso amekukuwo dome esiata ye nukuku ƒe ŋuse siawo le dɔwɔm le eme ɖo. 15 Wo dometɔ bubuwo be,''Eliya ye.''Bubua wo ha gblɔ be,''Nyagblɔɖilae abe nyagblɔɖilawo ƒe ɖeka le blema ŋkekewo me ene.'' 16 Ke esi Herodes se esia la egblɔ be, " Yohanes si nu metso ta le la fɔ tso amekukuwo dome." 17 Elabena Herodes ŋutɔe dɔ woyi ɖale Yohanes heblae de gaxɔme le Herodia si nye nɔvia Filipo srɔ ta elabe Herodes ɖee mozu srɔa 18 Elabena Yohanes gblɔ na Herodes be,"se meɖe mɔ nawo be naxɔ noviwo be srɔ aɖe o." 19 Herodia tsitre ɖe Yohanes ŋu eye wo di be yeawui.Ke mete ŋui o, 20 elabe Herodes vɔa Yohanes eye wo dzesi be enye ame dzɔdzɔe kple ane kɔkƒe.Eyata Herodes dze agbagba kpɔ eta be woanɔ dedie.Ne ele Yohanes ƒe gbefaɖeɖewo sem la,togbɔ be woɖea fu nɛ ha la ega dzɔadzi nɛ be yease wo. 21 Ke gbeɖeka la mɔnukpɔkpɔ va na Herodia be woawɔ eƒe dzimedidi le fia Herodes ƒe dzigbeŋkeke ɖugbe la, fia la ɖo kplɔ na eƒe amegawo, aʋafiaga wo kpakple Galilea dumegawo. 22 Herodia ƒe vinyɔnu geɖe eme eye wo ɖu ɣe na Herodes kple eƒe kplɔŋutimea wo eye wo dzɔdzi nawo. Tete fia la gblɔ na nyɔnuvi la bena, "Biam nusianu si nedzi eye matsɔe na wo. 25 Eka atam nɛ ɖe edzi gblɔ bena ,"Nusianu si nabiam la,mana wo vaseɖe nye fiaɖuƒeƒe mama me dzi." 24 Nyonuvi la do yi dada gbɔ eye wo biae be ,"nuka mabiae?"Dada ɖo eŋuti nɛ be ,"Yohanes Mawutsi detanamela ƒe ta." 23 Enumake wo ɖe abla yi xɔa me eye wo gblɔ na fia la be,"Medi be natsɔ Yohanes Mawutsi detanamela ƒe ta ɖe agba me nam fifi laa." 26 Nya la ve fia la ŋutɔ gake le eƒe atamkaka ta kple amekpekpeawo ta meteŋu gbe eƒe nusi wo bia la o 27 . Enumake fia la dɔ eƒe kpovitɔ ɖeka be woayi atsɔ Yohanes ƒe ta vɛ.Kpovitɔ la yi datsɔ Yohanes ƒe ta le gaxɔ la me. 28 Etsɔe ɖe agbame vɛ na nyɔnuvia eye wo xɔe tsɔ na dada. 29 Esi nusrɔlawo se esia la woyi tsɔ eƒe ŋutila kukua ɖi. 30 Apɔstoloawo va ƒoƒu ɖe Yesu gbɔ eye wogblɔ nusiwo kata wowɔ kple nusiwo kata wofia la nɛ. 31 Eye wo gblɔ nawo be,"Miva ne mia ŋutɔwo ɖeɖe miayi gbedzi aɖi ɖe eme vie." Elabe ame geɖewo nɔ wogbɔ vam henɔ dzodzom ale gbegbe be wo meɖi ɖe eme alo vo ɖu nu gɔ ha o. 32 Ale woa ŋutɔwo ɖeɖe ɖo tɔdziʋu hedzo yi afisi amewo mele o. 34 Gake ame geɖewo kpɔ wo dzesii esime wonɔ dzodzom eye wo ƒu du hoo kple afɔ tso duawo kata me heɖo afima do ŋgɔ na wo. 33 Ke esi Yesu va ɖo gota la ameha gbogboa ɖee nye ma wo kpɔ eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ elabe wole abe aleha si kplɔla meli na o ene.Eyata ede asi nu geɖe fiafia me wo. 35 Esi anyigba tsɔ la,eƒe nusrɔlawo va egbɔ gblɔnɛ bena ,"Afisia ɖe vovo eye za ha le dodom xoxo, 36 eyata ɖe asi le wo ŋuti ne woa yi agble kɔƒewo kple kɔƒe si teɖe afisia ŋu la me ne woaƒle nane aɖu. 37 Gake eɖo eŋu nawo be ,"Miawo midi nane nawo ne woaɖu." Eye wo gblɔ nɛ bena,"Ɖe miayi aƒle abolo denario alafa eve nu nawo ne woaɖua?" 38 Ebia wo bena ,"abolo nenie le miasi?" "Miyi ne mia kpɔ ɖa." Esi woyi kpɔe la wova gblɔ nɛ be," Abolo atɔ kple akpavi eve." 39 Yesu gblɔ na ameawo kata be woanɔ anyi le gbe mumu la dzi. 40 Wonɔ anyi ɖe ha alafa kple blaatɔ nu. 41 Eye esi wotsɔ abolo atɔa kple akpavi eveawo la, ewu ŋkume ɖe dziƒo eye wo yra ɖe wo dzi.Eŋe wo me eye wo tsɔ wo na nusrɔlawo be woatsɔ ɖo ameawo gbɔ ne woa ɖu.Ema akpavi eve la ha le wo kata dome ne woa ɖu. 42 Ale wo kata wo ɖu nu ɖi ƒo. 43 Nusrɔlawo ƒo ƒu abolo kple akpavi kakɛ siwo kpɔtɔ la ɖe kusi wuieve me. 44 Ŋutsu siwo ɖu nua ƒe xexleme le akpe atɔ. 45 Enumake Yesu na nusrɔlawo geɖe todziʋua me be woado ŋgɔ na ye ayi Betsaida le go kemɛ dzi ne ye ŋutɔ yea ɖe asi le ameha la ŋuti. 46 Esi woɖe asi le amehawo ŋu vɔ la eyi to la dzi be yeado gbeɖa. 47 Esi fie ɖo la tɔdziʋua le tɔa ƒe dodome eye Yesu ɖeka ya tsi gota. 50 Ekpɔ be wonɔ fu kpem le ʋuakuku me elabe yasese nɔ ƒoƒom dewo.Aŋɔ abe fɔfɔme ga ene me la ezɔ tsia dzi gbɔna wogbɔ,eye wodi be yeato woŋu ayi, 49 ke esi wokpɔe wole tsia dzi zɔm la wobu be aŋɔlie eye wodo ɣli, 48 elabe wo kata wo kpɔe eye vɔvɔ le wo vevie.Enumake Yesu ƒo nu nawo gblɔ bena,"Dzi neɖo miaƒo! Nyee! Miga vɔ o." 51 Ege ɖe tɔdziʋua me le wogbɔ eye yaƒoƒo la nu tso tete eƒe nu wɔ mo yaa nawo alegbegbe, 52 elabena womese abolo ŋu nya la gɔme o, ke woƒe susu le blewu be woase nu gɔme. 53 Ke esi wotso tɔa vɔ la woɖi go ɖe Genezaret eye wosi ka tɔdziʋula. 54 Esi wole dodom le tɔdziʋua me la amewo kpɔ Yesu dzesii enumake. 55 Amewoƒu du tso duawo kata me dze dɔnɔwo kɔkɔ ɖe woƒe abawo dzi vanɛ le afisiafi si wose eŋkɔ le be wo gbɔna. 56 Afisiafi si woyi le kɔƒewo, duwo alo agblekɔƒewo me la wotsɔna dɔnɔwo dana ɖe asiwo me eye woɖea kuku nɛ be yewo anya ka asi eƒe awutoga ŋuko eye ame alesi nu ka asie la haya.