Marko 14

1 Ke esusɔ ŋkeke eve ne woa ɖu ŋutitoto kple abolo maʋamaʋa ƒe aza.Nunɔlaga kple agbalefialawo le mɔnu dim alsi woawɔ ale Yesu to aye mɔnuaɖe dzi eye woa wui. 2 Ale wonɔ gbɔgblɔm be manɔ ŋkeke nyuie la dzi o,elabena ahe hunyahunya va dukɔ la me. 3 Esi Yesu le Betania,le Simon si nye ekpodɔlela ƒe aƒeme,le enu ɖum le kplɔ ŋuti la,nyɔa ɖe tsɔ ami ʋeʋe si xɔ asi ŋutɔ,si le ekpegoe tɔxɛa ɖe me la ɖe asi vɛ.Nyɔnu la gba ami go la,eye wotrɔ ami la kuɖe ta dzi na Yesu. 4 Ke ameaɖewo do dziku le nuwɔna la ŋuti.wogblɔ le woa ɖokui me be,Nukata wole ami xɔasi sia ŋuti gblem ale? 5 Woateŋu adra ami ʋeʋe sia axɔ asi awu denario ga alafa etɔ eye woa tsɔ na amedahe wo.ke amewo ka mo nɛ 6 Ke Yesu gblɔ be,miɖe asi le eŋu.nuka ƒe fu ɖem mile nɛ?nusi wɔm wole nam la,nunyuie. 7 Amedahewo le miagbɔ ɖaa,eye miateŋu awɔ nunyuie nawo ɣesiayi si miedi la.ke nye la,nye manɔ miagbɔ ɖa o. 8 Edze agbagba wɔ eƒe nutete.Eva si ami na nye ŋutila hena ɖiɖi. 9 Mele egblɔm nawo le nyateƒe me.Teƒe ɖesiaɖe si woa ɖe gbeƒa nyanyui la le,le xexea kata me le la woa ƒonu tso nusi nyɔnusia wɔ ŋuti bena woaɖo ŋuku eyama dzi. 10 Ke yuda Iskariot amewuievewo dome tɔ ɖekayi nunɔla gawo gbɔ bena ya Yesu ade asi nawo. 11 Esi nunɔlagawo see la,wo kpɔ dzidzɔ eye wodo ŋgbe nɛ be,ye woa nɛ ega.ale yuda nɔa mɔnu dim ne yea dee asi nawo. 12 Le abolo maʋamaʋa ŋkeke nyuie ɖuyi,ŋkeke gbatɔ esi wowu ŋutitoto levi la,eƒe nusrɔlawo gblɔ nɛ be,''afika miayi aɖraɖo nawo hena ŋutitoto levi la ƒe ɖuɖu le.'' 13 Edɔ eƒe nusrɔla eve gblɔ nawo bena,miyi edua me,mia dogo ameaɖe si tsɔ tɔmedezeɖe eta,mikplɔe ɖo. 14 Miyi aƒe sime woa geɖo la,mibia aƒetɔ si le aƒeame la se be,Nufiala be afika amedroxɔ si me,nye kple nye nusrɔlawo mia ɖu ŋutitotolevi la le? 15 Eya afia mi xɔ gaa ɖe si me woɖo nuwo ɖo xoxo la le dziƒoxɔdzi.midra eme ɖo nami! 16 Nusrɔlawo dze mɔ yi dula me,wokpɔ nesianu le eteƒe pɛpɛpɛ abe alesi wogblɔe la na wo ene.Eye woɖa ŋutitotolevi la ƒe ɖuɖu le afima. 17 Esi fie ɖo la,Yesu va kple ame wuievewo . 18 Esi wole kplɔ la ŋuti le nuɖuƒe la,Yesu gblɔ nawo bena.''Nyateƒe nya gblɔm mele nami.Le mia dome amesiwo le nuɖu kplim la dometɔ ɖeka adem asi. 19 Wokata wode asi nuxaxa me eye ɖekaɖeka wobie se be alo enyea? 20 Yesu ɖo eŋu gblɔ nawo bena,amewuievewo dometɔ ɖekae,Amesi le asi dem agbala me kplim fifi lae. 21 Amegbetɔvila aku abe alesi ŋɔŋlɔa gblɔe kuɖe eŋuti la ene,vɔ la baba na amesi dzi woato ade amegbetɔvila asi.Anyo na nenem ƒe amema boŋ ne wome ga xa dzi o. 22 Esi wonɔ nuɖum la,Yesu tsɔ abolo,eyrae,eye wo ŋe eme,Etsɔe na eƒe nursɔlawo hegblɔ ale,mixɔ esia.Esia nye nye ŋutila. 23 Etsɔ wain kɔpo,dakpe eye wotsɔ nawo eye wo kata wo nui le eme. 24 Egblɔ nawo bena,''esia nye nye ʋu ƒe nublabla,ʋu si makɔ ɖe anyi na amegeɖewo. 25 Nyateƒe mele egblɔm nami,nyeme gale wain noge ake o,va seɖe gbemagbe si maga noe ake yeye le Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.'' 26 Esi wodzi kafufu hawo vɔ la,wo dogo heyi amito ti la dzi. 27 Yesu gblɔ nawo bena,''mia kata miele nuklikli kpɔge le tanye,elabena woŋliɔe ɖi bena,mele alekplɔla ƒo ge eye aleviawo akaka hle. 28 Gake ne tsitre vɔ la,madze ŋgɔ nami ayi galilea. 29 Petro gblɔ nɛ bena,''Ne amesiame adze anyi ha la,nye mele anyi dze ge akpɔ gbeɖe o.'' 30 Yesu gblɔ nɛ bena,Mele egblɔm nawo le nyateƒe me le za sia me ke be,hafi koklo na ɖe gbe zi eve la,agbenu le gbɔnye zi etɔ.'' 31 Petro gazigbe ɖe edzi gblɔ bena.''Ne ɖe maku kpli wo hala,nye mele nugbe ge le gbɔwo akpɔ o.''nusrɔlawo doŋu gbe nenema. 32 Wo kata vaɖo teƒe si woyɔna be gedzemani eye Yesu gblɔna eƒe nusrɔlawo bena,''mibɔbɔ nɔ afisia,ne mayi ava do gbeɖa.'' 33 Ekplɔ Petro,Yakobo kple Yohanes ɖe asi.ke le afima eƒe gbɔgbɔ tsi mavo ale gbegbe eye wotsi dzodzodzo le eɖokui me. 34 Egblɔ nawo bena.''Nye luʋɔ le nu xaxa me vevie kaka yi ɖe ku me.minɔ teƒe sia le ŋudzɔnɔnɔme.'' 36 Yesu zɔ yi ŋgɔ vie,etsɔ mo anyi eye wodo gbe ɖa ale,Ne anɔ bɔbɔe la bena,fukpekpe gaƒoƒo sia nato ye ŋuti ayi . 35 Egblɔ be,''Tɔnye nusiawo le bɔbɔe nawo.ɖe kplu sia ɖa tso gbɔnye.gake menye le nye lɔlɔnu me o.ke le wo lɔlɔnu me .'' 37 Esi wotrɔ va nusrɔla etɔa gbɔ la,ekpɔwo le alɔ dɔm.Egblɔ na Petro bena,''Simon ɖe ne le alɔ dɔma?mataŋu anɔ ŋudzɔ gaƒoƒo ɖeka tetie oa?'' 38 Nɔ ŋudzɔ ne na do gbe ɖa,be maga dze tetekpɔ me o.gbɔgbɔ ya le klalo,ke ŋutila ya gbɔdzɔ.'' 39 Ega dzo le woagbɔ eye wo dogbe ɖa,gblɔ nyasiwo tututu wogblɔ gba. 40 Esi woga trɔ va nusrɔlawo gbɔ la,ega kpɔwo wonɔ alɔ dɔm elabena alɔ bla woƒe ŋkuwo.eye wome nya alesi woa ɖe woɖekui nue o. 41 Egatrɔ va zi etɔlia gblɔ nawo bena,''mie gale alɔdɔdɔ dzi ko hele ɖiɖim ɖe emea?Ema su!ɣeyiyi la ɖo,mikpɔ!woade amegbetɔvila asi na nuvɔwɔlawo. 42 Mitsi te,miadzo.kpɔɖa amesi adem asi la gogo. 43 Enumake esi wonɔ nuƒoƒodzi la,yuda amewuievewo dometɔ ɖeka vado eye ameha gaa ɖe si nunɔlagawo,agbalefialawo kpakple dume gawo dɔ la dze eyome.wotsɔ eyi kple ekpo ɖe asi. 44 Ke amesi adee asi la gblɔ na eyome dzelawo bena,''amesi ke ma kis ɖe alɔgo dzi na lae nye ame la.milee,eye mi kplɔe yie,ke minɔ ŋudzɔ le eŋu.'' 45 Esi yuda ɖo afima la,enumeke ete ɖe Yesu ŋu gblɔ nɛ bena,''Nufiala,''eye wo kis ɖe alɔgo dzi nɛ. 46 Ke ameawo ƒe asi su adzi eye wolee. 47 Ke amesiwo tsitre le afima la dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi dogo,eye wokpa eto ɖeka ɖa na nunɔlaga gaa ƒe subɔvi. 48 Yesu gblɔ nawo bena,mie va ɖe tanye abe fiafitɔ enea?kple yi kple kpo be yewoa lem maha?'' 49 Esi menɔa anyi kpli mi le ŋkeke me,nɔa nufiam le Mawu ƒe la me,gake mie lem kpɔ o.ke esia va eme bena ŋɔŋlɔ wo nava eme. 50 Ke amesiwo kata nɔa anyi kpli la gblee ɖi sidzo le egbɔ. 51 Ɖekakpui aɖe si ta avɔ ɖe ali dze eyome,wole. 52 Ke edogo le wo sime gble avɔla ɖe alelawo sime hesi dzo amama. 53 Wokplɔ Yesu yi nunɔlaga ƒeme.Nunɔlagawo,dumegawo kpakple agbalefialawo va ƒoƒu ɖe eŋu. 54 Azɔ Petro kplɔ woɖo le didiƒe ʋui heva ɖo nunɔla gaa ƒe aƒeme,eva bɔbɔnɔ anyi le adzo ƒum le dzɔlawo dome. 56 Azɔ nunɔlaga kple ʋɔnudrɔlawo kata nɔa ɖase ɖiɖi dim le Yesu ŋu,sigbe woa to awui,ke wome kpɔe o. 55 Amegeɖe ɖi aʋatso ɖase le eŋuti,wodometɔa ɖekatɔ mesɔ ɖe nɔvia tɔ ŋu o. 57 Amegeɖewo tsi tsitre eye wogblɔ alakpa ɖaseɖiɖi tsitre ɖe eŋu.wogblɔ be,'' 58 Miese wogblɔ be,''magba Mawu ƒe gbedoxɔ si wotu kple asi la,eye ie ŋkeke etɔa gbe ma tu bubu si woma tsɔ asi atu la o!'' 59 Ke amesia wo ha ƒe ɖaseɖiɖi mesɔɖe wonoe wo tɔdzi o. 60 Nunɔlaga tsitre le amehala dome bia Yesu be,''Nyanu ɖoɖoa ɖeke mele asiwo oa?kuɖu ɖaseɖiɖi si amesiame tsɔ tsitre ɖe ŋuwo la ŋuti oa? 61 Ke Yesu zi ɖoɖoe eye meɖo nya ɖeke ŋuti nawo.ke nunɔlaga ga bie se be,''woe nye kristo yayratɔ la ƒe via''? 62 Yesu ɖo ŋu bena,nyee,ke miakpɔ amegbetɔvila woa bɔbɔnɔ kɔkɔetɔ la ƒe nuɖusi me kple ŋuse eye woa ɖiɖi gbɔna le dziƒo alilikpo wome.'' 63 Tete nunɔlaga la dze eƒe awuwo he gblɔ be.''ɖe miega hia ɖaseɖiɖi bubua ɖea?" 64 Miaŋutɔwo miese vlodonya si wogblɔ nukae nye miaƒe nyametsotso.''ke woa kata bu ƒɔe abe amesi dze na ku la ene. 65 Ameaɖewo dze ta tutu ɖe eŋu eye wobla ŋkume nɛ heta kɔe gblɔ nɛ be,''gblɔ nyaɖi.''.Ke dɔlawo kplɔe dzo va ƒoe. 66 Le ɣemayi Petro nɔ xɔxɔnu.Nunɔlaga ƒe nyɔnu subɔlawo dometɔ ɖeka va egbɔ. 67 Ekpɔ Petro le tsitre nu nɔ dzoƒum.Ele ŋku ɖe eŋu vevie,egblɔ nɛ bena,''woha .enɔa anyi kple Yesu Nazaretɔla'' 68 Ke egbe nyasia gblɔ be,''Nye me se alo nya nyasi gblɔm nele la o.''eye wodo go yi xexenu. 69 Nyɔnu dɔtsɔla la ga kpɔe eye wode asi gbɔgblɔ me na amesiwo le afima bena,''ŋutsu sia ha nye woa dome tɔ ɖeka.'' 70 Ke Petro gagbe nyasia,eteƒe medidi o,amesiwo tsitre ɖe afima be,''Nyateƒe wo dometɔ ɖeka nenye elabena galileatɔwo ha ha nenye.'' 71 Ke ede asi fiƒode nyawo gbɔgblɔ me eye wota nu gblɔ be.''Nye me nya amesi ƒenya gblɔm miele la o.'' 72 Enumake koklo ku atɔ zi evelia.ke Petro ɖo ŋku nyasi Yesu gblɔ nɛ dzi,''hafi koklo naku atɔ zi eve la,agbenu le gbɔnye zi etɔ''Ke eƒe dzi gba eye wofa avi.