Galatiatɔwo 6

1 Nɔviwo, ne ameaɖe davo le eɖokui me la , wo si nye gbɔgbɔme ame la , naɖɔ ameɖo le gbɔgbɔme le bɔbɔ nyenyeme. Kpɔ ɖokuiwo dzi nyuie bena nagava dze tetekpɔ me o. 2 Midro mianɔewo ƒe agba hena nuwuwu na Kristo ƒe sea. 3 Ne ameaɖe buibe ye nye naɖe vɔ me nye naɖe . ke o la ,ele eɖokui flum. 4 Amesiame ne do eƒe dɔwɔwɔ kpɔ, be woaxɔ naɖe de eɖokui me siwoa tsɔ ƒo adegbe, be matsɔ eɖokui asɔ kple ame bubu o. 5 Elabe amesiame adro eƒe agba. 6 Ame si ke wole nya fia la ne ma eƒe nunyuiwo kple nufiala. 7 Migable miaɖokui o, Mawu menye ame blela o. Nusinu si ame ƒa na la , eya koe woa ŋe. 8 Amesi ƒa nu ɖe eƒe ŋutila me la, aŋe gblegble tso eƒe ŋutila me ke amesi ƒa nu ɖe gbɔgbɔ nu la, aŋe agbe mavɔ. 9 Nu nyui wɔwɔ tsi kɔ na mi o, eye mia ŋe nu le ɣeyiɣi tɔ ne mi me gbɔdzɔ o. 10 Eyata ne mɔnu kpɔkpɔ su miasi la mi na mia wɔ nyui na amesiame vevietɔ na xɔsetɔwo. 11 Mikpɔ ŋlɔŋlɔ ga si nye ŋutɔ me ŋlɔ kple nye asi. 12 Amesiwo dzi be yewoa wɔ nu nyui ɖe ŋutila me la, le mia dzi zim be yewoa tso aʋa na mi, esiata bena wo maga tsi mia yome le Kristo ƒe atsitsoga ta o. 13 Vɔ menye amesiwo tso aʋa na woaɖokui woe le sea ɖe asi o, vɔ la wo dzi be mia tso aʋa hena adegbe ƒoƒo le ŋutila me ko. 14 Me gava me nam be mado ɖokuinye ɖe dzi o, negbe le miaƒetɔ Yesu Kristo ƒe atsitsoga ŋuti, to eyama me wokla xexea nam kple nye ne xexea. 15 Elabe aʋa tsotso kple aʋa matsomatso menye naneke o, ke boŋ nu wɔwɔ yeye le vevie. 16 Ame alesi nu wɔa de se sia dzi la , ŋutifafa kple nublanui kpɔkpɔ nava wo dzi ,eye kpakple Mawu ƒe Israel la dzi. 17 Tso fifia dzi yina la , ameaɖeke mega ɖe fu nam o,elabe Yesu ƒe dzesiwo le nye ŋutila nu. 18 Nɔviwo miaƒetɔ Yesu Kristo ƒe anenuveve nenɔ kple miaƒe gbɔgbɔ, Amen.