Eta 5

1 Eke ekpɔ ameke sugbɔwo la elia etó, eke ananyi la jiki enusrɔlawo te va yigbɔ; 2 Eke nu fia enuwo gblɔ be : 3 Woyra amekewo da ahe le gbɔgbɔ me la ɖo be woawo tɔ yi nyi jipofiaɖufe la. 4 Woayra amekewo le fa avi la ɖo be woawo yi woafa akɔ na. 5 Woayra amekewo nyi ame fafawo ɖo be woawo yi la nyi anyigba ki ecrɔ ɖutɔ wo 6 Woayra amekewo jɔjɔɛnyinyi ki edɔ kiki ecikɔ le wu la, ɖo be woawo yi la ɖɔpo 7 Woyra amekewo le kpɔ aŋblɛ niamewo la, ɖo be woawo yi woakpɔ na. 8 Woayra amekewo jɔ le wo kiejime la iɖo woa kpɔ Mawu. 9 Woayra amekewo le lé avu la, ɖo be woayɔ wo be Mawuviwo. 10 Woayra amekewo wole ti le jɔjɔnyinyi ta, ɖo be woawo tɔ yi nyi jipofiaɖufe la. 11 Woayra mi yi wo zu mi yi woti mia yome mia yome , yi woɖaje gblɔ enya vɔɛ ebubu pomeviwo kpata ɖe mia ŋuti le etanye. 12 Eji na jɔ mi, yi mi kpɔ ejijɔ sugbɔ, ɖo be miaki efetu sugbɔ le ejipo ɖobe neneyi wati enyagblɔɖila kewo je ŋkɔgbe ni mi la yome. 13 Miawo yi nyi anyigba ki eje, ne eje bu ajikivivi la, miena yi woacɔ do vivi nɛ o. Megbɔnyɔ ni naŋɖe kpekpe o. Woacuɛ daŋgbe ɖe ehihié be amevo na da afɔ yiji. 14 Miawo yi nyi ehihiéme ki ezo, edu ke le etoji la womateŋ wlɔɛ o. 15 Nene kie yi wo mele si kaŋɖe cɔ ɖe cusi gome o. Kaŋɖetiji yi wocɔɛ le daɖe boŋ, yi ela klé ni amekewo kpata le afeme. 16 Nenea kié yi mi na mia ki ezo naklé le amewo ŋkume, be woakpɔ mia ki enunyuiɛ wɔwɔwo , yi woakafu mia tɔ ke le ejipoa. 17 Mi gbɔ bu xa be meva be ma tutu ese alo enyagblɔɖilawo o; enye meva be ma tutu wo o. Vɔ la meva be Mawu wo nu. 18 Ɖo be enyatefé yi mele gblɔ ni mi be,vaseɖe gakeme ejipo kiki anyigba nava yi la yota ɖika, alo ŋɔŋlɔ jesi ɖika mava yi co esea me, vaseɖe egakeme wo kpata nava va yime o. 19 Yi ta ameke tutu ese vitɔ ɖika, yi efia amewo nene la, anyi vitɔ le ejipofiɖufe me. Vɔa ameke wɔ ɖe yi ji, yi efia amewo be wo na wɔ nene la, anyi gatɔ le ejipofiaɖufe me. 20 Ɖo be mele gblɔ ni mi be: ne mia ki jɔjɔɛnyinyi mapo homafialawo, kiki Farisitɔwo tɔ ta o la mi mateŋ yi ɖe ejipofiaɖufe me kpɔ o. 21 Mise wogblɔ ni blematɔwo be: migbɔwu ame o; ameke la wu ame la aje ni cojo ɖoɖo. 22 Vɔ la enye mele gblɔ ni mi be amesiame ke lado edɔmezue ɖe nɔvia ŋti la aje ni kojoɖoɖo, yi ameke la gblɔ ni nɔvia be, etagbɔ kukutɔ la aje niaɖaŋuɖeɖe gaa, yi ameke la gblɔ be elā la aje ni ezomavɔ me yiyi. 23 Yi ta ne ecɔ efe enunana va da ɖe evɔsaklɔ ji yi eɖo ŋku le gaŋ be enya ɖe le nɔviwo ki ejime ɖe eŋutiwo la, 24 Gble efe enunana ɖe vɔsakplɔa ki kɔŋgbe, yi nayi wɔ ɖika kiki nɔviwo gbɔ, kafé enunana na. 25 Wɔ ɖika kaba kiki efe eketɔ ekeme mile emɔjila be efe eketɔ megbɔva cɔ wo ɖe asi ni kojoɖotɔ, yi kojoɖotɔ na cɔ wo ɖe asi atikplɔtɔ, yi wo na cɔ wo ɖe egaxɔ me o. 26 Melegblɔ nɔwo be emado be gaŋ o, vaseɖe egake natu efe susɔu. 27 Mise wogblɔbe: "megbɔwɔ ahasio" 28 Vɔ la enye mele gblɔ ni mi be: amesiame ke kpɔ nyɔnu ɖe yi ejroe la ewɔ ahasi kiki xoxo le yi ki ejime 29 Ne efé enuɖusi ki ŋku le ɖefu nɔwo la hui, yi nacuɛ daŋgbe, ɖa be enyɔ nɔwo wu, eke woacɔ ewo ame bliboa kpata daŋgbe ɖe ezomavɔ me. 30 Yi ne efé enudusi le ɖefu nɔwo la, lāɛ coŋ, ɖo be enyɔ nɔwo wu be efé aŋutinuwo dometɔ ɖika na gble wu eke woacɔ ewo ame bliboa kpata daŋgbe ɖe ezomavɔ me. 31 Wogblɔ ca be: ameke la gbe srɔa la nana kaklahoma. 32 Enye mele gblɔ ni mi be: amesiame ke la gbe srɔa yi menyi le ahasiwɔwɔ ta o la,yi na ewɔ ahasi, yi ameke le ɖe nyɔnu ke wogbe la, ewɔ ahasi 33 35 Migbɔse wogblɔ ni blematɔwo be: mi gbɔ ka taŋ gbalo o; wo efe ataŋ kaka ji ni Aƒetɔ. 34 Vɔa enye mele gblɔ ni mi be : mi gbɔtanu gbidigbidi o, eteŋ nyi ejipo o, ɖo be Mawu ki ezi yi. Enyi. Eteŋ nyi anyigba o, ɖo be Mawu ki afɔdajinu yu̇, eteŋ nyi Yerusalem o, ɖo be efia gaa ki edu yu̇. 36 Megbɔ ta efe eta ca o: ɖo be emateŋ wɔ etaɖa hié alo yibɔ o. 37 Ne mile ponu la mia ki enyawo na jɔ : nanyi è è alo o, o. Yi enuke wu nene la, ecoŋ vɔɖitɔ gbɔ. 38 Mise wogblɔ be aɖu ɖe aɖu tefe, yi ŋku ɖe ŋku tefe 39 Vɔa enye mele gblɔ ni mi be: mi gbɔ coŋ ɖe ame voɛ ŋuti o. Ne ameɖe po efé enuɖusitome la, trɔ evelia nɛ. 40 Ne ameɖe be di be yiaɖo kojo kiki wo, yi yiaxɔ efe awu le esiwo la, na be naxɔ efe avɔ ca le esiwo 41 Yi ne ameɖe zi ejiwo be na zɔ kiki yi egapopo ɖika la, zɔ eve kiku̇ 42 Na enu ameke le bia wola; yi ameɖe be di be yiawo enu le esiwo la, megbɔtrɔ le yigbɔ yi o. 43 Mise wogblɔ be: "lɔ ehaviwo, yi naleke efe eketɔ". 44 Vɔa enye mele gblɔ ni mi be Milɔmia ki eketɔwo; mi dogbeɖa ɖe amekewo le ti mia yome ta, miyra ɖe amekewo le pofido mi ta. Miwɔ edɔme nyuiɛ ni amekewo le cri mia ki enya gbɔ la. 45 Be miazi mia tɔ ke le ejipo ki eviwo, ɖo be, yi le na be ŋdɔ le do ni ame vɔɛɖiwo kiki ame nyuiɛwo, yi ele na be eci le ja ni ame jɔjɔɛwo kiki ame majɔmajɔɛwo. 46 Ɖo be ne milɔ amekewo le lɔ mi la efetu kala yi mia kpɔ o? Alo menyi enyɔlawo ca le wɔ nenea? 47 Ne midogbe ni mia nɔviwo ɖeɖe la. Miena yi mile wɔ nyuiɛ wu ame susɔɛwo o? Etrɔsubɔlawo ca le wɔ nene. 48 Yi ta múvo ca mizi blibo sigbe mia ki tɔ ke le ejipo la le blibo nene.