Eta 21

1 Eke Yesu kiki yiki enusrɔlawo wo gogo Yerusalem, yi wova ɖo Betfage le amito ŋuti la Yesu dɔ yiki enusrɔlawo ame eve. 2 Egblɔ nɔwo be: miyi kɔfé ke le kɔŋgbe ni mi la me, yi zrika la mia kpɔ kɛtɛkɛtɛ kiki evia le eka me. Mituwo yi mia kplɔ wo va nuŋ. 3 Ne ameɖe gblɔ enyaɖe ni mi coŋ yiŋu la, migblɔ nɛ be: Afetɔ yi le hiŋ; yi amea la dasii ni mi zrika mia kplɔ wo va. 4 Yi eva yime be wonawu enya ke wogblɔ ɖe to ɖentyagblɔɖila ji la navayime. Egblɔ be : 5 "Gblɔ ni zion nyɔnuvi be: "kpɔ efé efia gbana egbɔwo, yi ki edɔme fa, yi edo ketɛkɛtɛnɔ kiki evia". 6 Enusrɔlawo yi, yi wowo sigbe leke Yesu gblɔ nɔwo la. 7 Wokplɔ kɛtɛkɛtɛnɔ kiki evia va nɛ, yi wocɔ wo ki awu vlayawo ɖe yiji, yi Yesu nanyi awu vlaya ji 8 Ame sugbɔwo keke wo ki awu vlayawo ɖe enɔaji 9 Yi ameha kewo le kɔŋgbe nɛ kiki ekewo le yi yome le be dafa be: "Hosana ni David via woayra ameke gbana le Afetɔ ki enyikɔ me, Hosana le jipo vi 10 Yi eke wova Yerusalem la, eduko bliboa kpata fo zi gblɔ be: amekala yi nyi eke o? 11 Amehawo ɖo yi ŋube amekea yi nyi Yesu enyagblɔɖila ke coŋ Nazaret le Galilea. 14 Yi Yesu yi egbedoxɔ me, yi enyaa amekewo kpata le jra enu, kiki amekewo le ple enu le egbedoxɔ me do, yi emu egagbalawo kiki amekewo le jraa aluŋkukuwo ki eziwo fu anyi; 13 Yi egblɔnɔwo be: woŋlɔ ɖe be: woayɔ ŋfé afé be egbedoxɔ. Vɔa miawo micɔɛ wɔ fiafitɔwo ki tefé 12 Yi ŋkunɔwo kiki aciɖikaji zɔtɔwo va yigbɔ le egbedoxɔ me, yi edagbié le wo ŋu 15 Eke enunɔlagawo kiki homafiawo, kpɔ nukunudɔ kewo ewɔ, yi eke wose ɖeviwo le dafa le egbedoxɔ me le gblɔ be: Hosana ni Davide vi la, eve edɔme nɔwo . 16 Wo gblɔ nɛ be: Ese enuke amekewo le gblɔa? Yesu gblɔ nɔwo be: È alo mi mexlè kpɔ be: deviwo kiki evinɔnɔwo ki enume yi edadro kafukafu ɖea? 17 Yimeŋgbe la Yesu coŋ le wo gbɔ yi betania, yi eci gaŋ dɔ 18 Eke egbɔtrɔ yina edua me le ŋdié me la edɔwui. 19 Yi eke ekpɔ egboti ɖe le emɔ to la eyi yigbɔ gakié amakpa ɖeɖe yi ekpɔ le yiji. Egblɔ ni egbotia be: emagbɔcé eku gbeɖegbeɖe o. Yi egbotia yrɔ zrika 20 Eke enusrɔlawo kpɔɛ la, ewɔ wo yaa, yi wogblɔ be: lemɔ ta yi egbotia yrɔ zrika o? 21 Yesu ɖo yiŋu nɔwo be: le enyatefe me mele gblɔnimi be: ne xɔse le mia si, yi mi me kari o la, menyi enuke wowɔ ni egboti kea ɖeɖe yi miawɔ o. Vɔa mia gblɔ ni etó ke be: hu ɖokowo yi nayi je apume, yi ava yime. 22 Yi naŋɖekpekpe ke mia bia le egbedodoɖa me kiki xɔse la mia xɔɛ. 23 Eke Yesu ɖo egbedoxɔ me la enunɔlagawo kiki edumemegawo va yi gbɔ egakeme ele fia enu la, yi wo gblɔ nɛ be: eŋuse kala yi ecɔ le wɔ ekeawo? Yi amekala yi cɔ neneki eŋuse nɔwo? 24 Yi Yesu ɖo yiŋu gblɔ nɔ wo be: enyeca mabia mi enyaɖika. Ne migbɔɛ nuŋ la enye ca magblɔ enuse ke mecɔ wɔ enukeawo ni mi. 25 Yohanes ki Mawucideta la (gana yi ecoŋ o?) Ejipoa alo amewo gbɔ? Wo gblɔ le wo nɔnɔwo dome be: Yi mi mexɔɛseo? 26 Vɔa yi migblɔ be: ecoŋ amewo gbɔ la mi le vɔ amehaa, ɖo be ameha nyɛ be Yohanes nyi enyagblɔɖila. 27 Yi wo ɖo yiŋu ni Yesu gblɔ be: mi menya o. Yi ca gblɔ be: enye ca enyemagbɔ eŋuse ke mecɔ wɔ enukeawo ni mi o. 28 Enukala yi mile susu o? Evi eve le emeɖe si, eyi kekele tɔ gbɔ gblɔnɛ be: evinye, yi nayi wɔdɔ le veinbɔ me egbe 29 Evia ɖo yiŋu gblɔ be: enye mawɔ o; vɔa yi meŋgbe la etrɔ susu yi eyi 30 Amia yi evi evelia gbɔ yi egblɔ nɛ nene kie; evia ɖo yiŋu gblɔ be mayifofo gakié meyi o. 31 Wo dometɔ kala yi wɔ etɔa ki lɔlɔnu o? woɖe yi nu be: kelekele tɔ yi. Yesu ɖo yi ŋu nɔwo be. Enyatefe yi mele gblɔ ni mi be: Enujɔlawo kiki ahasiwɔlawo woayi ejipofiadufe me gble mi ɖe. 32 Ɖo be Yohanes va mia gbɔ, le jɔjoɛnyenye ki emɔ ji gakié mi mexɔ yi ji se o. Gakié enujɔlawo kiki ahasiwɔlawo xɔ yi ji se. Gakié eke mikpɔɛ egbana la, mi metrɔ ejime yi meŋgbe be miaxɔ yi ji se o. 33 Mise elododo ebubu: ameɖe nanyi enyi anyigbatɔ. Edo veinti, etɔkpa pohlɛ, ewɔ veinfinu ɖe yime, yi etu emɔ̄ ɖe yime, yi ecɔɛ ɖe asi ni veingbledelawo yi eyi emɔji. 34 Eke enuŋɛŋɛ ki egame gogola, edɔ yiki dɔlawo yi veingbledelawo gbɔ, be wo naxɔ ekucécéwo va nɛ. 35 Vɔa veingbledelawo le yi ki dɔlawo, wofa ame dika, wowu ame ɖika, yi wo popke ame dika ca. 36 Enutɔa gbɔ dɔ dɔla ebubuwo sugbɔ wu ame kelekeletɔwo, veingblelawo wɔ woca nenea kié 37 Yi meŋgbe la, edɔ evia nɔwo, gblɔ be woasi evinye ki ŋkume 38 Vɔa eke veingbledelawo kpɔevia la, wogblɔ le wo nɔnɔɛwo dome be: ecrɔɖula yike, miva mi wui yi mixɔ yi ki ecrɔɖunu. 39 Wo hedo le veingblea me yi wowui. 40 Fifiɖe yi veingbetɔ va la miena yi awɔ veingbledelawo? 41 Wogblɔ nɛ be: acrɔ ame vɔɖikewo eŋɔjitɔ. Yi ahawa veingbleea ni veingbledela ebubu, amekewo la le cɔ enuku kewonyi yitɔa le enuŋɛŋɛ ki egameji. 42 Yesu gblɔ nɔwo be: mi mexlee be ŋɔŋlɔame kpɔ be: ekpe ke ehɔ tulawo gbe la, ya yi trɔzi globuemekpe. Afetɔ gbɔ yi ecoŋ, yi enyi nukunu le mia ki ŋkuwo mea? 43 Yi ta yi mele gblɔ ni mi be: woaxɔ Mawufiadufe le mia si, yi woacɔɛ ni edukɔ ke lacé ekua. 44 Ameke laje ekpe kea ji la, aŋɛ gudugudu. Vɔa ameke ji aje la, atui brubru. 45 Eke enunɔlagawo kiki Farisitɔwo se enyawo la, wonya be yiwo yi ele gblɔɛ na. 46 Wole dibe yiwoalé, gakié wovɔ amehaa, ɖobe amewo le kpɔɛ sigbe enyagblɔɖila nene.