Eta 1

1 Le egɔme jej la enya la le, enya la le kiki Mawu yi enyi Mawu. 2 Enya la le kiki Mawu le egɔme jeje me. 3 To enya la me yi wowɔ enuwo kpata le yiya male me la womewɔ naɖe kpekpe o. 4 Agbe le eme yi agbe la nyi amewo kpata ki kekle. 5 Yi kekle la kle le viviti me ui viviti la me ci kekle o. 6 Ameɖe le ke Mawu ɖɔ, yi ki enyikɔ nyi Yohanes. 7 Ameke va sigbe ɖasefotɔ yi yaɖi ɖasefo ni kekle be amewo kpata na kaɖeji. 8 Yohanes me nyi kekle la o, vua be ya ɖi ɖasefo ni kekle. 9 Enyatefe ki kekle klena ni amewo kpata la yi gbana xixiame. 10 Ele xixiame, yime wowɔ xixiame le, gakie xixiame me nyiɛ o. 11 Eva yiŋtɔ tɔwogbɔ vua womenyiɛ o. 12 Vua amekewo xɔɛ yi wokaɖeji la, enawo mɔ be wonatrɔzu Mawu viwo, 13 ke woji, menyi le ehu me alo eŋtila ki jojro me alo amegbetɔ jojro me o, vua Mawu ki lɔlɔ yi. 14 Yi enyala vatrɔzu eŋtila yi enyiɛ agbe le le mia dome Mi kpɔ yiki ŋtikɔkɔɛ sigbe ame ɖika ke yɔ kiki enyatefe kiki amenuveve kpata la va yɔ kiki enyatefe kiki amenuveve kpata la va co Tɔ gbɔ. 15 Yohanes ɖafa ɖi ɖasefo le eŋti gblɔ be: "ameke me gblɔa; yike be: "ameke le ŋfe megbe gbana la, woɖoe je kɔŋgbe nuŋ." 16 To yiki amenuveve me yi mi hɔ nunanawo le. 17 Ese la to Mose ji va, vua amenuveve kiki enyatefe to Yesu Kristo ji va. 18 Ameɖe me kpɔ Mawu kpɔ o. Ameɖika ke nyi Mawu le yiŋtɔ me le Mawu me la ɖefia. 19 Mikpɔ Yohanes ki ɖasefo ni enunɔlawo, levitɔwo ke Yudatɔwo wɔdɔ co Yerusalem be wona biɛnya la? mie enyio? " 20 Eɖoŋ gblɔ faa be "ŋme nyi Kristo o." 21 Wogbɔ biɛ be "lia yi enyi? alo mio?" egblɔ nɔwobe "ŋmenyi Elia o" wobiɛ kie be "enyi enyagblɔ la?" egblɔ be: "o". 22 Wole biɛ kobe: "mie yi enyi? " gblɔɛ ni mí le ewóŋtɔŋti be mia teŋ yi gblɔ ni amekewo dɔmi la." 23 Ebe menyi ameke ki afa le ɖi le zogbeji la "Mijɔ Mawu kimɔ sigbe leke enyagblɔla Yesaya gblɔ la." 24 Farisiatɔwo ki amedɔdɔtɔ ɖewo legaŋ yi wobiɛ be 25 menata ele ɖe Mawuci ta ni amewo yi emenyi Kristo alo Elia alo enyagblɔla o? 26 Yohanes ɖaŋti nowo be: "Meleɖe Mawuati kiki eci. Ame manyamanya le miadome. 27 Enyi ameke gbana le ŋfe meŋgbe. Ameke ŋmejebe mateŋtu yiki afukpa ŋka o" 28 Enuawo kpata be cɔ le Yordan tɔcaca ke me Yohanes lede Mawucita ni amewo le betania ŋu. 29 Eke ŋgbɔ va ke la Yohanes kpɔ Yesu gbɔna yi egblɔ be: "mikpɔ Mawu ki alevi ke cɔ xixiame ki agɔjejewo leyiŋ. 30 Amekeŋu me gblɔ le be egbana le ŋfe meŋgbe yi ekpewuŋ, ejɔ gbleŋɖe. 31 Ŋme nyiɛ o, gakie be wona ɖefia israɛl ta la, yita meva be made Mawucita ni amewo kiki eci." 32 Yohanes ɖi ɖase be " mekpɔ gbɔgbɔ dico jipo va jeyiji sigbe akpakpa nene. 33 Ŋme nyiɛ o, vua ameke ɖɔŋ be maɖe Mawucita kiki eci la gblɔnu be "ameke ji elakpɔ gbɔgbɔ la ɖi vaje la, yi lade ecita kiki gbɔgbo kɔkɔɛ." 34 Mekpɔɛ yi meɖi ɖase be yi nyi Mawu ki vi. 35 Ŋkeke evelia la, Yohanes le kiki yiki enusrɔvi eve, 36 ekpɔ Yesu to gaŋu va leyi, Yohanes gblɔ be: "mikpɔ Mawu ki alevi la!" 37 Enusrɔvi evea ti Yesu eke wose Yohanes ki enya la. 38 Tete Yesu trɔ kpɔwo yi ebiawo be mena mile dio? woɖoŋu be "Rabi( yigɔmenyi afetɔ) yi nyi ofa fe leo? 39 Eɖeŋu nɔwo be: "Miva kpɔ" yi wova kpɔ yiki ɖɔfe. Woci gbɔ le ŋkekea me, elabe epo ŋjie gawo 40 Ame eveawo dometɔ ɖika ke se Yohanes ki enya ti Yesu la nyi Andreya simɔn Petro ki nɔvi. 41 Eyi kpɔ fofoa simɔn kelekele yi egbɔ nɛ be: "mikpɔ Mesia (yi gɔme nyi Kristo). 42 Ekplɔɛ yesu gbɔ. Yesu kpɔ yi egblɔ be: "ewó nyi Simɔn, Yohanes ki ŋucuvi woa yɔ wò be kefas (yi gɔme nyi ekpe). 43 Ke yiki ŋugbɔ kela, Yesu kpe Filip ekeme eɖibe ya yi Galilia la, egblɔ nɛ be "tiŋ". 44 Filip nyi Becayidatɔ, Andreya kiki Petro kiedume. 45 Filip kpɔ Natayel yi gbɔ: Amekeŋu yi Mose ŋlɔ se le yi enyagblɔlawo ɖe fia mi, Yesu, Yosef vi Nazarɛtetɔ." 46 Natanayel gblɔ nɛ be: "enyuɛ ɖe ateŋu do co nazarɛte?" Filip tonɛ be: "va yi nakpɔ." 47 Yesu kpɔ natanayel gbana yigbɔ yi egblɔ leŋu be: " Mikpɔ Israyelvi nyatefetɔ ke meleɖajeo la yi ke!" 48 Natayel biɛ be enyaŋu co ganao?" Yesu gblɔ nɛ be keŋkafe Filip nava yɔwò le gbotia gɔme la me kpɔ wò." 49 Natanayel be: " rabi ewò yi nyi Mawuvi! Israɛl fia." 50 Yesu gblɔ nɛ be: "ke megblɔnɔwò be kpɔwò co gboti gɔme ta exɔe sea? Àkpɔnu kewo gbɔ wo ke." 51 Egblɔ be Anyikɔɖi anyikɔɖi me la, akpɔ jipo lahu yi mawu dɔlawo, waleyi leva amegbetɔvi la ji."