Eta 3

1 Petro kiki Yohanes woyi Mawuxɔ me le egbedodoɖa ki egame ke nyi egapopo asiɖikalia ji. 2 Wocɔ ŋucu ɖe ke si efɔ ɖika mele co kaka enɔa ki edɔme o la, va le daré Mawuxɔ ki exɔtru, ke wole yɔ be nyuiɛ la nu. Gasiagame; be nabia enu le amekewo va leyi Mawuxɔ me la si. 3 Eke ekpɔ Petro kiki Yohanes wo va leyi Mawuxɔ me la, ebia wo enunana. 4 Petro kiki Yohanes wokpɔɛ dù yi wogblɔ nɛ be, kpɔ mǔ! 5 Afɔ maletɔa leŋku ɖe woŋu buxa ba yiakpɔ naŋ ɖe xɔ le wo si. 6 Gakie Petro gblɔ be: klosalo alo sika mele esigne o, gakié eke le esignye la, yi manawo le Yesu Kristo Nazarethtɔ ki enyikɔ me la, coŋ yi nazɔ 7 Yi eke Petro lé yi ki enuɖusi la, ekekié, yi zrika yi ki afɔwo kiki aɔkɔɛwo me seŋu. 8 Ezro yiji, econatre, yi eje zɔzɔ; yi eɖo Mawuxɔ me kiki Petro kiki Yohanes. Elezɔ le zroyiji le kafu Mawu. 9 Edukɔa kpata kpɔ be ele zroyiji le kafu Mawu 10 Wo nya be ameke le manyi egasiagame le bia enunana le egbedoxɔ mɔnu ke wole yɔ be nyuiɛ la yi , ewɔ wo yaa, yi ewɔ nukunu nɔwo ɖe enuke va jɔa ta. 11 Eke egbɔle Petro kiki Yohanes gbɔ la, edukɔa kpata fudu ɖe du va wo gbɔ le akpata ke wole yɔ be Salamon ki akpata gbɔ ; ewɔ wo yaa. 12 Eke Petro kpɔɛ la, egblɔ ni edukɔa be: Israel ŋucuwo, mieyijɔ ta ewɔ mi yaa o? Mieyijɔta mile léŋku ɖe mia ŋu sigbe miaŋtɔwo yi wɔ yi ameke le zɔ le miaŋtɔwo ki eŋuse alo vɔvɔ ni Mawu me o? 13 Abraham, kiki Isak, kiki yakobo mia tɔwo ki Mawu kɔ yi ki dɔla Yesu ŋuti. Ameke micɔ de asi, yi migbe enu le yigbɔ, le Pilato ki ŋku me, eke edi be yiaɖe asi le yiŋu. 14 Miawo migbe enu le kɔkɔetɔ kiki jɔjɔɛtɔgbɔ, yi mi bia be woaɖe asi le amewula ŋu ni mi 15 Miwu agbefia, ameke Mawu fɔ ɖe agbe co ame kukuwo dome, miawo yinyi yiki dasifetɔwo. 16 Fifi le yiki enyikɔ jixɔse me yi ameke mile kpɔ, yi minya la, enyikɔa do eŋusee, xɔse ke ecɔɖe Kristo me la, yi na be ehaya le mia ki ŋku me mile kpɔ. 17 Fifi la nɔviwo menya be miwɔɛ le enumanyamanya me sigbe mia ki efiawo ca nene. 18 Abe leke Mawu gblɔɛ ɖe to enyagblɔɖilawo ki enume be yiki Kristo akpefu la nene yi fifi la ewu yi nu. 19 Yita mitrɔ le mia ki ejime yi miagbugbɔ be wonatutu mia ki enuvɔɛwo, yi gbɔɖeme ki egapopo nava, le Afetɔ ki ŋkume. 20 Be woaɖɔ Kristo ke woca ni mi Yesu. 21 Yi nyi ameke ejipowo laxɔ kelekele vaseɖe enuwo kpata ki dadrodrado, ke Mawu gblɔ xoxo to yi ki enyagblɔɖila kɔkoewo ki enume. 22 Mose gblɔ be: Afetɔ Mawu ana be, enyagblɔɖila eɖe sigbe enye nene le nɔviawo dome. Mia ɖoto enukewo kpata elagblɔ ni mi. 23 Ava vaayime be ameɖekpekpe ke maɖoto enyagblɔɖila ke o la, acrɔ gbidigbidi le yiki edukɔa dome. 24 Üŋ, yi enyagblɔɖila kewo ponu kaka co samuel ji la ca gblɔ enya co ŋkeke keawo ŋu. 25 Miawo yinyi enyagblɔɖila kiki enubabla ke Mawu bla kiki mia tagbewo, sigbe leke egblɔ ni Abraham nene be: le efé jijime yi woayra anyigbaji dukɔwo kpata le. 26 Miawo yi Mawu fɔ yiki dɔla ɖe egbe na kelekele, yi edɔɛ ni mi kelekele be woayra amekewo kpata latrɔ le woki vɔɛɖinyinyi me.