Eta 28

1 Yi ke mikpɔ hɔhɔ vɔ la, keŋ kafe minya melitetɔ ke woleyɔ be apukpo. 2 Womehɔ mi ɖe enunana ta o, vua haɖè avuvɔ kiki eci jaja ta, woɖo zo yi hɔmi ɖe wogbɔ. 3 Yi ke Pɔl fɔ nabie wuliwuliwo ɖe ezo me la, éɖa do le me bla alɔ nɛ ɖe ezoa ki zozota. 4 Yi ke edutɔwo kpɔ la wogblɔ le wonɔnɔ me be: "amekea nyi amewula ke ekpɔ hɔhɔ co apume, gakie Mawu ki hlɔn biabia me ɖemɔ be na ci agbe o." 5 Ehuhu eda la ɖe ezome yi mewɔ naɖe nɛ o. 6 Woki nukpɔkpɔ me la, wocɔɛ be akɛ alo awɔ nuveve nɛ be na ku. Ke wokpɔ be naɖe mewɔɛ o la, wotrɔ woki susu gblɔ be enyi Mawu ɖe. 7 Anyiŋgba le fia Publio si le apukpo ŋutoawo me là si. Ehɔ mí amejro nyuɛɖe ŋukeke étɔ. 8 Publio tɔ́ je atikiéci le gbagba kɔ, Pɔl yi gbɔ dogbeɖa ɖeta yi ehaya. 9 Le yi ya meŋgbe vɔla, edɔnɔ kewo le nutoawo me la wo va hɔ dɔyɔyɔ. 10 Yi duawo wocɔ bubu ni mí, ke mí da yi la; wona mí nukewo hiyan mí. 11 Le hloti étɔ meŋgbe la, mí ɖo Alesandra étɔjihu ke ki jesido nyi évé nɔviwotɔ le avuvɔ game. 12 Ke mi va ɖo Sirakus dú ma la, mi ci gaŋu ŋkeke étɔ. 13 Mi yi Regio dú me, le ŋukeke ɖika meŋgbe la, elicafé eya po. Yi ŋkeke évé me la mí va ɖo Puzio dú me gieke. 14 Mikpɔ nɔviwo le, yi woɖekuku be mí nyiɛ yiwogbɔ ŋukeke amadré la, miva Roma. 15 Yi nɔvi kewo se míaki nyikɔ la wova kpe mí le Apius kiki Treta berne étɔawo me ke Pɔl kpɔ nɔviwo la, édakpé ni Mawu yi edojipo yiɖokoé. 16 Le Roma, woɖe mɔ be Pɔl naci yitɔwo gbɔ kiki asrafo ke le jɔŋu. 17 Pɔl popu yitɔ amecici kewo le yudatɔwo dome le ŋkeke étɔ meŋgbe yi éle gblɔ nɔwo be: "nɔviwo, togbɔ be mewɔ nutovo ɖe míatɔwo ki kɔnuwɔwɔŋu alo dukɔwoŋu o la, wocɔŋu wɔ egakpametɔ le Yerusalem dasi ni Romatɔwo. 18 Ke wo mekpɔ agɔjeje le nyabiabia meŋgbe la, wojro be wodasiŋu. 19 Ke yudatɔwo ki jojroji le véwo ta la, eva me be macɔ ŋufé nyawo yi ni kayizaro togbɔ be ŋu mewɔ nutovo ɖe dúkɔwoŋu o. 20 Ɖe yi ta ca meyɔ mi be ma ponu ni mi, ɖe Israyɛl ki mɔkpɔkpɔ ta me wodeŋ egakame." 21 Woya wogblɔ nɛ be: "mí me xɔ homa co Yudéa alo nɔviwo dometɔ ɖeka tete me va gblɔ nya baɖa coŋuwó ni mí o. 22 Vua midi be mínya ofé susu le gbɔwó le afiɖekpekpe co kɔmama nya cɔɖe ameŋu le afiɖekpekpe ŋu." 23 Emeŋgbe ke woɖo ŋukeke nɛ vɔla, amesugbɔ va yigbɔ, égblɔ nya nɔwo yi éɖiɖase le Mawu jipo fiaɖuféŋu, yi éle powé ɖe wonu le Yesu ŋuti co Mose kiki enyagblɔlawo ki se me le ŋuɖié va se ɖe fiɛŋsi me. 24 Ameɖewo xɔ nya ji se, vua ameɖewo me xɔeji se o. 25 Yi ke woki nya mexɔ o la, woyi le Pɔl ki nupopo meŋgbe be: "gbɔgbɔ kɔkɔɛ ponu ni mía tɔwo le nyatefe me to enyagblɔ la Yezaya ji be: 26 "yi egblɔ nɔwo be, mi cɔ etó lese nu, mi mele se gɔme o, mi cɔ ŋukuviwo le kpɔnu gakie la mi me le kpɔe o. 27 Elabe nenegbe dúkɔwo ki eji kuatri wɔbe woki etówo le senu kiki akpasésé yi womia ŋukuwo kiki vɔvɔ be woŋugbɔ kpɔnu alo asenu kiki etó be woma se gɔme nɛ kiki eji yi wona trɔ jime yi ma yɔdɔwo o. 28 Minyiɛ be wodɔ Mawu ki ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖe étrɔsubɔlawo yi wua ɖotoé." 29 Ke egblɔ nyaŋuwo la, yudatɔwo le yi kiki nya hehewo le wonɔnɔɛwo dome. 30 Pɔl nyiɛ éhɔ ke ehaya la me, yi elexɔ amekewo le va yi gbɔ la le éhɔ xaya me épé évé sɔŋu. 31 Eɖegbefa Mawu jipofiadufé yi ele fia nu le Afetɔ Yesu Kristo ŋuti kiki jiɖepo. Ameɖe mexemɔ nɛ o.