Eta 15

1 Ameɖewo co Yudea va fia nu be: yi womeco ava nɔwo be Mose ki ese nu o la, emateŋ kpɔ xɔxɔ o. 2 Eke Paul kiki wola, nɔviwo ɖoe be Paul; Barnabas kiki ameɖewo layi Yerusalem le apostolowo, kiki ameciciwo gbɔ, yi woaponu co enyaa ŋu. 3 Yi eke ehamea dɔ wo la, woto fonike kiki samaria le gblɔ etrɔsubolawɔ ki tɔtrɔ ŋutinyafia. wocɔ ejijɔɛ gaa ɖe va ni nɔviwo kpata. 4 Eke wova do Yerusalem la, ehamea, kiki apostolowo, kiki ehamemegawo xɔ wo; yi wo gblɔ enukewo kpata Mawu wɔ kiki wo la nɔwo 5 Ameɖe kewo co Farisitɔwo kewo xɔse la, coŋ gblɔ be: ehiŋa be wonaco ava nɔwo, yi wo nazi woji be wo na lé Mose ki esea me ɖe asi. 6 Apostolowo, kiki ehamegawo kpe eta be yiwo la bu etame co enyaa ŋuti. 7 Eke wo jro enyame kpɔ la, Petro coŋ yi egblɔ nɔwo be: Nɔviwo mi nya xoxo be Mawu caŋle mia dome be etrɔsubɔlawo nase enyanyuiɛ co ŋfé enume, yi wo natrɔ ejime. 8 Yi Mawu ke nya ejiwo me la, di dasife nɔwo, yita ecɔ gbɔgbɔ kɔkoe nɔwo. Sigbe leke ewɔ ni mi la nene. 9 Yi megbɔlewɔ vovototo ɖe mia kiki woawo dome o. Le enuke ta eklɔ wo ki ejiwo me to xɔse me. 10 Fifiɖee mieyijɔ ta mile te Mawu kpɔ be miacɔ ekɔkuti ke mia tɔwo alo mia ŋtɔwo mi mateŋ cɔ o la ɖe enusrɔlawo ki ekɔji o? 11 Gakié mi xɔse be to Yesu ki amenuveve me yi mi kpɔ xɔxɔ sigbewoawokié nene. 12 Edukɔ bliboa kpata zi ɖoɖoe le ɖoto Paul kiki Barnabas, eke wole gblɔ enya to jesi kiki nukunu kewo wowɔ le etrɔsubɔlawo dome ŋuti. 13 Eke wo dasi enupopola, Yakobo xɔ enya le gbla be: Nɔviwo miɖotoŋ 14 Simon gblɔ leke Mawu kpeɖe etrɔsulawo ŋuti la fia, be yiaca edukɔ ke anya yiki enyikɔ la le wodome. 15 Enyawo sɔ kiki enyagblɔɖilawo ki enyawo, sigbe leke woŋlɔɛ ɖe nene : 16 Yi meŋgbe, magbɔ trɔva, yi magbɔtu David ki agbadɔ ke mu je anyi la. Madadro yiki gbagbawo, yi mafɔɛ natre. 17 Yita ame susuɛawo woadi 18 Afetɔ, kiki etrɔsubɔla kewo cɔ yiki enyikɔ. Afetɔ yi gblɔɛ, ya ke wɔ enukewo kpata wonya co blemame. 19 Yita mebui be, migbɔɖefu ni amekewo trɔ co etrɔsubɔlawo dome va Mawu gbɔ o. 20 Boŋ la wo naŋlɔ nɔwo be woacri etrɔwo ki eɖipopo kiki ahasiwɔwɔ, kiki ebaciehumewo, kiki ehu. 21 Kaka co blema la ameɖewo le eduwo kpata me le ɖegbefa gbɔlexlee le sabatwo kpata ji. 22 Tete ejé yiji niapostolowo, kiki ehamemegawo, kiki eha bliboa kpata be yiwoca Yuda, ke wole yɔbe Barnaba, kiki sila kewo nyi amegawo le ehame, yi woadɔ wo yi Antioxia, kiki Paul kpeɖe Barnaba ŋu. 23 Woŋlɔ noma ɖe asinɔwo be: Apostolowo kiki ehamemegawo kiki nɔviwo, ŋlɔ ɖuɖɔ nɔvi kewo co etrɔsubɔlawo dome le ANTioxia, kiki Siria, kpeɖe kilikia ŋu, mido egbe ni mi. 24 Mise be ameɖe kewa mi mecɔ ese eɖekpekpe de asi na alo, va blu etame ni mi, kiki enufiafia kewo nyana mia ki buvɔwo. 25 Enyɔ ni mi eke migblɔ enya ɖika be, miadɔ ŋucu eɖe kpeɖe miaki lɔlɔtɔwo Barnaba kiki Paulo ŋu, 26 amekewo cɔ woki agbe na ɖe mla fetɔ Yesu Kristo ta. 27 Midɔ Yuda kiki Sila wo awo yi lagblɔ nene nya kié nimi. 28 Ɖo be enyɔ ni gbɔgbɔ kɔkoe kiki miawo ca be, mi magbɔcɔ agba gaa eɖekpekpe dare miaji cɔ wu ekewo le veveɖe o: 29 Be miacri etrɔwo ki evɔsawo, kiki ehu, kiki ela cihumewo, kiki ehasiwɔwɔ, ne mikpɔ mia ɖo koe ji nyuiɛɖe le wo me la, miwɔɛ nyuiɛɖe. Eziɖɔɖɔ. 30 Eke wo jemɔ la, wova Antioxia, yi wo fofu amehaa, cɔ homa nɔwo. 31 Eke woxlee la, wo kpɔ ejijɔ le akɔfafa ŋuti. 32 Yuda kiki Sila kewo ca nyi enyagblɔɖilawo la potoɖo ni noviawo, yi wodo eŋuse wo. 33 Eke woci. Gaŋ viɖe la, nɔviawo trɔwo ɖuɖɔ, le eŋutifafa me ni amekewo dɔ wo la. 34 Enyɔ ni Sila be yiaci gaŋ. 35 Gakié Paulo kiki Barnaba woci ANTioxia kiki ame ebubuwo. Wole fia enu, yi wole ɖegbefa afetɔ ki enya. 36 Le ŋa keke eɖewo meŋgbe la Paulo gblɔ ni Barnaba be: mia gbugbɔ yikpɔ mia nɔviwo le edu kewo me mi ɖegbefa Afetɔ ki enya le, yi mia kpɔ be wole nyuiɛɖea. 37 Barnaba di be yiakkplɔ Yohannes ke wole yɔ be Marko la yi kiki wo. 38 Gakié Paulo be menyɔ be yiwo nacɔɛ kpeɖe yiwo ŋu o, ɖo be etrɔ le wo yome le pamfilia, yi me kpeɖe wo ŋu le woki edɔwɔwɔ me o. 39 Ezi arikaka le wo dome, yi wo ma le wo nɔnɔwo gbɔ Barnaba cɔ Marko kpeɖe yi ɖokoeŋu, yi wo ɖohu yi kipro. 40 Paulo ca Sila yi woyi le egapopo keme ecɔ nɔviawo ɖe asi ni Afetɔ ki amenuveve vɔ la. 41 Eyito siria kikikilikia le do eŋuse ehameawo.