ETA 3

1 Mianyɔnuwo la mi bɔbɔ mia ɖokoe ni mia srɔwo, mi wɔɛ be ne ŋucu ɖewo me bu enya o la, nyɔnuwo ki agbenɔnɔ na ɖe wo; 2 ɖo be woakpɔ mia ki nɔnɔme kiki bubu nyuie la. 3 Wo na wuɛ, menyi le egota ki nɔnɔme o eɖabablao, sika nuwo dodo kiki awudodo vovowo. 4 Vɔa mi wuɛ co mia ki ejime, ke la nyi ejime ki ame ke co gbɔgbɔ ke fatu yi enanyi kpo, ke hɔasi le mawu ki ŋkume. 5 ɖobe nyɔnu kɔkoewo be blema me la nene yi wole donu. Wodo emɔkpɔkpɔ ɖe mawu ŋu, yi wole bu wo srɔwo. 6 Le nɔnɔmea nu yi sara le bu Abraham, yi ele yɔɛ be: yi ki afetɔ. Mi nyi yi ki eviwo fifi, ne ùmi wɔ enu nyuie, yi ne mi me vɔ eŋɔjidodo eɖe kpekpeo. 7 Nene kié, yi mia ŋucuwo la mia nɔ agbe be enugɔmesese ne eke wo nyi gbɔ jɔgbɔjɔtɔwo. Wu lata, mi cɔ bubu nɔwo; do be woawo ca wonyi agbe kiamenuvenu ki ehadome nyilawo mi wuɛ be naɖe kpekpe megbɔ hemɔ ni mia ki egbe dodoɖa o. 8 Yimeŋgbe la kpata mi ɖo susu ɖika, ame nu nawɔ aŋblɛ ni mi, milɔ mia nɔnɔwo sigbe nɔviwo nene, mia ki edɔme natrɔ ɖe ame ŋu, mi bɔbɔ mia ɖokoewo. 9 Mi gbɔ ɖo vɔe vɔe tefeo, ezu de ezu tefe o. Le ekea tefe la mido gbeɖa. Le woawo tefe la mi yra boŋ do be yi ta, wo yɔ mi va be mia nyi yayra kiecrɔ dutɔwo. 10 << le di be yianɔ agbe yi yiakpɔ, ŋkeke nyuie wola na kpɔ yi ki aɖe ji. 11 Na tede le emɔ vɔɛ ŋu, yina wɔ enu nyuie; na di eŋutifafa yi na je yi yome. 12 Afetɔ ki ŋkuwo le ame jɔjɔ ŋu, yi ki etowo le wo ki eŋutila ŋu gakié afetɔ trɔ ŋkume ɖe amekewo le wɔ nu vɔ.>> 13 Ame kala yi awɔ vɔe mi, ne milɔ enu jɔjɔ o? 14 Me mi kpefu le enujɔjɔɛ wɔwɔ me la, woyra mi. Migbɔvɔ enukevo wo le vɔ o. Mi gbɔ cacao. 15 Mi kɔ afetɔ yesu kristo ŋu, le mia ki ejiwo me, mi ɖo yiŋu ni amesiame ke la bia enyade mi be mieta yi mi ka ɖe mawu o? mi wɔe kiki vividodo kiki bubu. 16 Jici nya nyuie nale mia si be amekewo le gblɔ enya vɔe ɖe mia ki agbenɔnɔ nyuie ŋu le kristo me la du ŋulkpie, ɖo be wole ponu comia ŋu sigbe mi nyi enuvɔɛ wɔlawo. 17 Anyɔ be, yi mawu lɔ la mia kpe fu le enu nyuie wɔwɔme cɔ wu enu vɔɛ wɔwɔ me. 18 Kristo ca kpefu zrika le enuvɔɛwo ta ya ke nyi ame jɔjɔɛ la, ekpe efu ɖe mia ame majɔmajɔwo ta be yiatrɔ mi va mawu gbɔ, wo wui le eŋutila me, yi wo gbɔ agbee le gbɔgbɔ me. 19 To gbɔgbɔ me la eyi ɖe gbefa ni gbɔgbɔ kewo le egaxɔme. 20 Eɖo to ekeme mawu ki jigbɔ deanyi le lala le noa ki ŋukekewo me le ŋukeke kewo me wo kpa adaka, yi mawu ɖe ameɖewo (luvɔ enyi) co eci me. 21 Eke yi nyi mawucilele ki jesi ke ɖe mi fifi ( ke menyi ŋtiladipopo dededa o; ke boŋ ji ci enya nyuie ki ajɔgbe dodo ni mawu ) to yesu kristo ki fɔfɔ me. 22 Kristo le mawu ki nuɖusime. Eyi jipo, mawudɔlawo, jiɖuɖuwo kiki eŋusewo woa bubɔ wo ɖokoe nɛ.