Eta 4

1 Nene yi eje be wo nabu mi,sigbe Kristo ki subɔviwo kiki Mawu ki enya wɔwlɔwo ki exɔnuviwo nene. 2 Enuke gbɔwu yi nyi be eje be exɔnuvi na nyi enutefewɔtɔ. 3 Gakié enye la enu vide tete yi enyi nuŋbe wo na do kodjo nuŋ le miawo gbɔ alo kodjo dofé ebubuwo.Do be enye ŋtɔ enye mele do kodjo kiki dodokonye o. 4 Enye mele do ŋku efɔbubu ede ke wo bufɔŋ la o,vɔa menyi yi gɔme yi nyi be ŋfe enya jɔ o.Afetɔ yi la doŋ kojo. 5 Yi ta migbɔ do kodjo ede kpekpe kafé egapopooa navao, kaka vasede egakeme Afetɔ lava.Ahe viviti ki ennya wɔwlɔwo va ezo gbɔ yi elade ejime ki susuwo fia.Gaŋ yi amesiame laxɔ yiki efetu coŋ Mawu gbɔ. 6 Nɔviwo megblɔ enya keawo de Apolo kiki enye ŋtɔ ŋuti de mia ki nyuiɛ ta, be mia srɔnu le mia gbɔ:< mi gbɔ va susu cɔ wu enuke wo ŋlɔ de la o.>> yi amede me gbɔ va kéké dokoa de eji o. 7 Ame kala yi le kpɔ vovototo le amewo kiki mia dome o? Miena yi le mia si ke mi me xɔ efematu o? Ke mi xɔɛ efematu de mieyijɔ ta yi mi le kéké mia dokoewo sigbe mi ple nene o? 8 Enuwo kpata le mia si.Mi trɔ wi egatɔwo; mile du fia vɔ,miawo maleyime le enyatefe me la ne jro be mia du fia yi mia ca mia du fia kiki mi. 9 Me susui be Mawu do mi Apostolowo ni enu kpɔkpɔ sigbe ame kewo nyi meŋgbetɔwo, amekewo wo co ekufia na.Mi trɔ zi enukpɔkpɔ ni exixéa, ni jipodɔlawo kiki amegbetɔwo. 10 Mi nyi enumanyatɔwo le Kristo ta.Vɔ la miawo mi nyi enunyatɔwo le Kristo me.Mi gbɔjɔ, gakié miawo ya miseŋu.Mole bu mi, gakié wo lé flu miawo. 11 Edɔ kiki ecico le wu mi kaka vasede fifi, mile zɔ amama. Wole po mi, yi niɛfe edekpekpe mele ni mi o. 12 Agbagba yi mile je, le cɔ mia ŋtɔwo ki alɔwo le wɔ edɔ.Yi wozu mi la,mile yra wo.Yi wo ti mia yome la mile xɔɛ nene. 13 Yi wo gblɔ busunya de mia ŋuti la mi le de kuku.Nene yi mi trɔ zi nɔwo,wole kpɔ mi sigbe egbié dudɔ nene, wo cɔ mi daŋgbe wu enuwo kpata. 14 Enye mele ŋlɔ enukea be macɔ do ŋkpié mi o,vɔ la macɔ fia mi enu sigbe evilɔlɔtɔwo nene. 15 Ne enyi be evi sugbɔ be mia si le Kristo me la me nyi etɔ sugbɔ yi le mia si o,do be me trɔ zi mia tɔ le Kristo me to enyanyuiɛ me. 16 Yita yi mele po eto de mi be mia zi ŋfé srɔtɔwo. 17 Yi ta me dɔ Timoteo dudɔ mi, ameke nyi evinye lɔlɔtɔ kiki enutefewɔtɔ le afetɔ me.Ado ŋku enufiafiawo kpata ji ni mi le Kristo me sigbe leke mele fia wo le egbedoxɔwo kpata me nene. 18 Amedewo le kéké wo dokoewo sigbe enye me gbɔ gbama mia gbɔ o nene. 19 Yi afetɔ lɔ la mava mia gbɔ fifi.Enye mele di be ma nya amekewo le kéké wo dokoewo ki enya o,vɔ la ma kpɔ wo ki eŋuse. 20 Do be me nyi enya me yi mawufiadufe le o vɔa eŋuse me yi ele. 21 Mieyi mile di o? Ati yi ma lé va mia gbɔa alo ma cɔ lɔlɔ kiki edɔme fafa ki gbɔgbɔ va mia gbɔ?