Eta 16

1 Yi le nujɔjɔ ni ame kɔkɔeawo ŋuti, sigbe leke medoe ni Galatia hamewo la nene kie miawo ca miawɔ. 2 Kɔsiɖa ki ŋkeke gbatɔ ji la mia dometɔ ɖesiaɖe nacɔ nu vovo dra ɖoɖe yi ŋtɔ gbɔ, yi woakpli le yiki eviɖekpɔkpɔ nu,be menyi ni mava la, keŋkafe wojé nujɔjɔ gme o. 3 Yi ni meva va la, macɔ agbalewo adé asi ni amekewo yi mikpɔ be, wojé la ado wo ɖa ni woacɔ miki nunana yi Yerusalem. 4 Yi neyi be, ejé be, nye ca mayi la ekema woayi kikim. 5 Yi ni meco Makedonia la mava miagbɔ, ɖobe, mato Makedonia! 6 ɖewo ma ci miagbɔ viɖé alo dewo maniɛ, vaseɖé ekeme avuvɔŋɔli nu nayi mahi beni mia dom yi afisiafi, ke mayi ɖo la. 7 Dobe ŋumélé di be, makpɔ mififi le mɔzɔ me o; ɖobe mélé kpɔ mɔ be, ni Afetɔ ɖe mɔ la, maci mia gbɔ viɖe . 8 Yi maci efeso vaseɖe Pentekoste ji. 9 Dobe wovu vɔtru ga, ke na ɖɔ gede la num, yi aɖikatɔ geɖewolé. 10 Yi ni Timoteo va la mikpɔ nyuiɖe, be woagbɔvɔ le mia gbo o, ɖobe ewo Afetɔ la ki ɖɔ sigbe nye kié nene. 11 Iyata ame ɖekpekpe nagbɔ vloe o! yi midoe ɖa le ŋutifafame me boŋ, be woava gbɔnye, ɖebe melé zɔyi kiki nɔaviawo. 12 Yi le nɔvi Apolo ŋuti la, meɖe kuku nɛ ŋutɔ be iya kiki nɔviawo nayi mia gbɔ, yi menyi iki lɔlɔnu kura be, yeava mia gbɔ fifi o, yi ni ekpɔ asinu nyuila, ava. 13 Minɔ ŋujɔ, mina tré le xɔse me, miwɔ ŋucu, yi miséŋu! 14 Miwɔ kpata le lɔlɔ me! 15 Melé xlɔmi, nɔviwo miya Stefana ki afe la beni iya nyi kɔŋgbetɔ le axaya, yi be, woɖo wo ɖokui amekɔkɔe wo subɔlawo. 16 Beni miawo ca miacɔ mia ɖokui ade nene me kewo kiki amesiame ke wɔ dɔ kiki mi, woje agbagba la te. 17 Mekpɔ jijɔ le Stefano, Fortunato kiki axailo ki vava la ŋuti; ɖobe eke mimélé kiki o la amekewo yi exɔ ɖe miki tefe. 18 Dobe wona mia kiki miaki gbɔgbɔ la gbɔ de ime; iyata mejé si nenem keawo. 19 Asia hameawo do ni mi, akwila kiki Priskila kiki hame, ke le woki Afe me la, do ni mi veveré ŋutɔ le Afetɔ la me! 20 Nɔviwo kpata do ni mi! Micɔ gbedona ame kɔkɔe do ni mia nɔviwo! 21 Enye Pɔl meŋlɔ esia ɖe nyetɔ asi ŋu. 22 Ni amea de melɔ Afetɔ o la nezi busu! Afetɔ gbana! 23 Mia Afetɔ Yesu ki amenuveve nanyi kiki mi. 24 ŋfe lɔlɔ nayiɛ kiki mia kpata le Yesu Kristo me!