Eta 10

1 Nɔviwo me di be mia nya be miafofowo kpata nanyi alilikpo me, yi wo kpata wo to afu me. 2 Wodé Mawuci ta nɔwo kpata le Mose me be alilikpo kiki afu me, 3 Yi wo kpata woɖu gbɔgbɔme nuɖuɖua kié 4 Yi kpata wo nu gbɔgbɔme nu. Nunua kié ɖo be wonui coŋ gbɔgbɔ me kpe gbaja me ke je wo yome la me. Yi ekpe gbaja la yi ni Kristo. 5 Gakié wo dometɔ sugbɔwo ki enu me nyɔ ni Mawuo, yi wo ki kukuawo kaka ɖe egbeji. 6 Yi enukeawo zi kpɔɖeŋu ni mi, be mi me gbɔnyi enu vɔɖi jrolawo sigbe leke eva yime ni amekeawo o 7 Migbɔnyi etrɔsubɔlawo sigbe wo dometɔ eɖewo. Sigbe leke wo ŋlɔ ɖe nene be: edukoa bubɔ nanyi, woɖu nu, yi wonu enu, yi wo coŋ le blevi. 8 Mi gbɔ wɔ ahasi sigbe leke wo dometɔ edewo wɔ yi ame kotoku etɔ vɔ etɔ woku le ŋkeke ɖika ji la nene o; 9 Migbɔ te Kristo kpɔ sigbe wo dometɔ eɖewwo te kpɔ yi edawo crɔ wo nene o. 10 Mi gbɔmuti sigbe wo dometɔ eɖewo wɔ yi eku ki dɔla crɔla nene o. 11 Yi enukewo va wo ji be nanyi kpɔɖeŋu ni mi wo. Ŋloɛ ɖe ni mia ki enunyanya; mia amekewo ji ehihié kea ki enuwuwu va ɖo la. 12 Yi ta ameke le susu be yi natre la na kpɔ nyuieré be megbɔ janyi o. 13 Tetekpɔ eɖekpekpe meva mia ji kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖe yi, gakié enutefewɔla yi nyi Mawu; ameke mana emɔ be wo na temi kpɔ cɔ wu mia ki eŋuse o, gakié ecɔ tetekpɔ humɔ be mia kpe yi ji. 14 Yi ta ŋfé lɔlɔtɔwo misi le etrɔ̄subɔsubɔ gbɔ. 15 Mele ponu ni mi sigbe amekewo nyonu nene, be mia bu enya ke megblɔ ni mi la me kpɔ 16 Yayrakɔpu ke mile yra la, menyi Kristo ki ehu ki mama ya? Yi kpɔnɔ ke mile ka la, menyi Kristo ki eŋutila ki mama le yiki eŋutila meo aɔ. 17 Ɖo be abolo ɖika yi le yita mia ame sugbowo minyi eŋutila ɖika. 18 Mikpɔ Israël dukɔa menyi amekewo le ɖu evɔsawo la woyi nyi evɔsamlekpui ki ehadolawo oa? 19 Fifi ɖe enya kala yi magblɔ o? Be etrɔ enyi naŋɖea aloo etrɔ ki evɔsasa nyi enu? 20 yi mele gblɔ be enuke etrɔsubɔlawo le me la, gbɔgbɔ vɔwo wobe me wona menyi Mawu yi o. Nye mele di be mia do eha kiki gbɔgbɔ vɔwo o. 21 Mi mateŋ nu Aƒetɔ ki kɔpu yigbɔnu gbɔgbɔ vɔwo vɔwo ki kɔpu ca o, mi mateŋ kpɔ efetu le Aƒetɔ ki ekplo ŋuti, yi gbɔ kpɔ efetu le gbɔgbɔ vɔwo ki ekplɔ ŋuti o. 22 Alo miana be Aƒetɔ nava hua? Misésé wuia? 23 Woɖe enuwo kpata ki enɔ ni ame, gakié menyi enuwo kpata yi nyɔ ni ame o; woɖe enuwo kpata ki emɔ ni ame gakié menyi enuwo kpata le do ame ɖe ŋgɔgbe o. 24 Ame eɖekpekpe megbɔdi yiŋtɔ tɔ o; na di enuke nyi ame ebubu tɔ cɔwu. 25 Enukewo keŋkeŋ wole jra le elājrafe la, midui faa, yi migbɔbia yi ta se le, ejicinya ta o. 26 Ɖo be anyigba kiki enukewo kpata le yi ji la nyi afetɔ la tɔ. 27 Ne ejimaxɔsetɔ dometɔ eɖe kpe mi, yi milɔ be, miayi la, miɖu enukewo keŋkeŋ wocɔ ɖe mia ki akɔme yi mi gbɔ ɖe mia ki akɔme yi migbɔ bia yi ta se le ejicinya ta o. 28 Ne ameɖe gblɔ ni mi be: Etrɔwo ki evɔsasa yi la, mi gbɔdui le ameke gblɔɛ ni mi kiki ejicinya ta o. 29 Menyi miaŋtɔwo ki ejicinya yi mele gblɔ o, vɔa ame eɖetɔa tɔ yi mieyijɔ ta yi ame ébubu ki ejicinya aro kojo kiki ŋfe ablɔrivinyinyi o? 30 Ne mecɔ akpedada ɖu nu la, mieyi jɔ la yi woagblɔ busunya ɖe eŋutinye le enuke ta meda akpe ré la ta o? 31 Yi ta yi mile ɖunu alo mile nu enu, alo mile wɔ edɔ eɖe la; miwɔ wo kpata ni Mawu ki kafukafu 32 Migbɔzi enukikli ni Yudatɔwo, kiki Helatɔwɔ, kiki Mawu ki ehame o; 33 Mele di be maje amewo kpata ŋu le enuwo keŋkeŋ me. Nye mele di enuke nyɔ ni enyeŋtɔ o. Vɔa enuke nyɔ ni ame geɖewo boŋ; mele wɔɛ be woakpɔ agbexɔxɔ.